Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 22:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Migatsɔ lã, si ƒe ŋku gbã alo eƒe ata ŋe, exɔ abi alo nuƒoƒo le eŋu, edze haƒla alo eŋu ƒlɔ la, sa vo na Yehowa o, eye migatsɔe sa dzovɔ na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Womatsɔ lã si nye ŋkuagbãtɔ alo lã si afi aɖe gblẽ na alo lã si dze abi alo akpa alo le ŋutigbalẽmedɔ bubu aɖe lém la vɛ na Yehowa o. Medze na numevɔsa le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi o.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 22:22
9 Referans Kwoze  

Migatso lã, si nu wo la, sa vɔe o; elabena mana miaƒe nu nadze eŋu o.


Ne mietsɔ: lã ŋkuagbã va sa vɔe la, miegblɔna be, medze vɔ̃ o; eye ne mietsɔ lã ɖixɔdrɔ̃wo kple lã lédɔwo vɛ la, miegblɔna be, medze vɔ̃ o. Tsɔe yi na wò anyigbanunɔla kpɔ be, wò nu adze eŋu, eye wòalɔ wò nya hã? Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Eye Aron viŋutsuwo nato dzo wo le vɔsamlekpui la dzi kpakple numevɔsa, si le nake, siwo te wodo dzo ɖo la dzi, dzovɔsa, si ʋẽna lilili ɖe Yehowa wònye.


Nusiwo wòaɖe le akpedavɔsa la ŋu asa dzovɔ na Yehowa, wonye: Ami, si tsyɔ dɔmenuawo dzi kple ami, siwo katã le dɔmenuawo ŋu,


Eye woatso tsi akpala eƒe dɔmenuwo kple eƒe afɔwo, eye nunɔla natsɔ wo katã asa vɔe, eye woata dzo wo le vɔsamlekpui la dzi; elabena numevɔsae, dzovɔsa si nena lilili de Yehowa wònye.


Ke woatso tsi akpala eƒe domenuwo kple eƒe afɔwo, eye nunɔla Aron nata dzo wo katã le vɔsamlekpui la dzi, elabena numevɔsae dzovɔsa, si ʋẽna lilili ɖe Yehowa wònye.


Ne amea ɖe ɖe adzɔgbe, alo le eɖokui si wòbe, yeasa akpedavɔ na Yehowa la, ekema wòatsɔ nyi alo alẽ, si so blibo, eye nu mewɔ afia ɖeke nɛ o, bena ame la ƒe nu nadze eŋu.


Nenye ɖokuiwò si nèbe, yeana nu le la, ekema èkpɔ mɔ ana nyi alo alẽ, si ŋutinua ɖe didi gbɔ me alo to ɖe me; ke nenye adzɔgbee neɖe la, womaxɔe o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite