Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 21:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Woanɔ kɔkɔe na woƒe Mawu, eye womaƒo ɖi woƒe Mawu ƒe ŋkɔ o, elabena woawoe sa Yehowa ƒe dzovɔ, si nye woƒe Mawu ƒe nuɖuɖu, eyata woanɔ kɔkɔe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Ele be woanɔ kɔkɔe na woƒe Mawu, eye womado vlo woƒe Mawu la ƒe ŋkɔ o. Esi wònye be woawoe tsɔa dzovɔsa vɛ na Yehowa, nu si nye woƒe Mawu ƒe nuɖuɖu ta la, ele na wo be woanɔ kɔkɔe.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 21:6
20 Referans Kwoze  

Megatsɔ viwò sa vɔe na Molex o, bena nagaƒo ɖi Yehowa, wò Mawu ƒe ŋkɔ o. Nyee nye Yehowa.


Eye nunɔla natɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi, dzovɔsanuɖuɖu wònye na Yehowa.


Ke miawoe nye dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ, bene miaɖe gbe ƒã amesi yɔ mi tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia,


elabena miekplɔ amedzro, siwo nye bolotɔwo, eye wometso dziʋa hã na wo o la vɛ, be woanɔ nye kɔkɔeƒe la, eye woagblẽ kɔ ɖo na nye aƒe la; eye mietu nye nubabla la hekpe ɖe miaƒe ŋunyɔnuwo katã ŋu, le esime mietsɔ nye nuɖuɖu, ami kple ʋu sa vɔe,


Midzo, midzo, miʋu tso afima! Migaka asi nu makɔmakɔa ɖeke ŋu o! Miʋu tso wo dome; mi Yehowa ƒe nutsɔlawo, mikɔ mia ɖokui ŋu!


Eye megblɔ na wo be: Míele kɔkɔe na Yehowa, eye nuawo le kɔkɔe, klosalo kple sikawo nye nusiwo wona Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu la faa la,


Bu nunɔlawo kɔkɔe, elabena woawoe tsɔa wò Mawu ƒe nuɖuɖu sa vɔe. Ame kɔkɔewo woanye na wò, elabena nye Yehowa, si kɔ mia ŋu la, mele kɔkɔe.


Migaka aʋatso yɔ nye ŋkɔ ta nui o, bena nagaƒo ɖi wò Mawu ƒe ŋkɔ o. Nyee nye Yehowa!


Eye Mose gblɔ na Aron bena: Ke esia gblɔm Yehowa le enye sia bena: Maɖe ɖokuinye afia amesi te ɖe ŋunye la, abe kɔkɔetɔ ene, eye maɖe nye ŋutikɔkɔe afia le dukɔ blibo la ŋku me. Tete Aron zi kpi.


Makɔ agbadɔ la kple vɔsamlekpuia ŋu, eye makɔ Aron kple viaŋutsuawo ŋuti, bena woanye nunɔlawo asubɔm.


Eye natsɔ sika nyuitɔ awɔ ŋgoblanu, eye ŋkɔɖelawo nata nu ɖe dzi bena: „Kɔkɔea na Yehowa.“


Eye nunɔla, siwo ate ɖe Yehowa ŋu hã, nawɔ wo ɖokui dzadzɛ, bena Yehowa magaɖe gbe ɖe wo dzi.


Gblɔ na Aron be: Ne viawo alo woƒe dzidzimeviwo dometɔa ɖe nye nuwɔametɔ la, megate va, be wòatsɔ eƒe Mawu ƒe nuɖuɖu asa vɔe o.


Amesiame, si nye nuwɔametɔ le nunɔla Aron viwo dome la, mekpɔ mɔ ate va asa Yehowa ƒe dzovɔ o; nuwɔametɔ wònye, eyata mekpɔ mɔ atsɔ eƒe Mawu ƒe nuɖuɖu asa vɔe o.


Maɖe ŋku atɔ ame la, eye matsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome, elabena etsɔ via na Molex, bena wòado ŋunyɔ nye kɔkɔeƒe la, eye wòaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la.


Ɖeko mekpɔ mɔ ava xɔmetsovɔ la gbɔ o, eye mekpɔ mɔ ate ɖe vɔsamlekpui la ŋu o, elabena nuwɔametɔ wònye, bena magaƒo ɖi nye teƒe kɔkɔeawo o; elabena nye Yehowa ŋutɔe kɔ wo ŋu.


Eye wogblɔ na Korax kple eƒe ha blibo la bena: Etsɔ la Yehowa aɖe amesi nye etɔ, amesi le kɔkɔe, be wòate ɖe eŋu kple amesi wòaha, be woate ɖe eŋu la, afia.


De se na Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Milé ŋku ɖe nye dzovɔsa ƒe vɔsanu, si nye nye nuɖuɖu, eye wòʋẽna ɖem lilili la ŋu, eye miatsɔe asa vɔ nam le ɣeyiɣi, si woɖo la dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite