Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 21:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Womegalũ dzodome kokoe o, womegafɔ woƒe ge dzi o, eye womegasi blini ɖe ŋuti o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 “ ‘Nunɔla aɖeke mekpɔ mɔ aƒlɔ eƒe ta alo afɔ eƒe ge dzi alo asi eƒe ŋutigbalẽ o.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 21:5
12 Referans Kwoze  

Yehowa, mia Mawu ƒe viwo mienye; ne ame ku la, migasi blunui o, eye migalũ dzodome kokoe o;


Womegalũ ta kokoe o, ke womegana woƒe taɖa nato ʋuya o, ke boŋ woako ta wòasɔ.


Lũ ta kokoe le viwò, siwo ghɔ mèlɔ̃a nu le o la ta; wò ta nebebe tegblẽ abe akagã tɔ ene, elabena wokplɔ wo dzoe le gbɔwò.


Matrɔ miaƒe ŋkekenyuiewo woazu nuxaxa kple miaƒe hawokatã woazu konyifaha, made akpanya aliwo katã, eye tawo katã nazu ta kokoe, mana wòanɔ, abe alesi wofaa konyi na tenuvi ene, eye eƒe nuwuwu anɔ abe ŋkeke vɔ̃e ene.


Elabena tawo katã nye ta kokoe, wolũ gewo katã, abi kuku teƒe le asiwò katã ŋu, eye akpanya le aliwo katã dzi.


Tsitsiawo kple ɖeviawo aku le anyigba sia dzi, womaɖi wo o, eye womafa na wo o, womasi blinui o, eye womalũ ta kokoe le wo ta o.


Ɣemaɣi la Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, yɔ ame hena avifafa, konyifafa, talulũ kple akpanyatata;


Dibon-nyɔnuvi yi nuxe ƒe avi fa ge, Moab le konyi fam le Neho kple Medeba ta me, wo katã wolũ ta kokoe, eye wolũ gewo katã.


Eye Mose gblɔ na Aron kple viaŋutsuawo Eleazar kple Itamar bena: Migakaka miaƒe ɖawo ɖe ta o, eye migadze miaƒe awuwo o, ne miagaku, eye wòado dɔmedzoe ɖe ha blibo la ŋu o. Ke mia nɔviwo, Israel ƒe aƒe blibo la, nafa dzo, si Yehowa tɔ nu la.


Ke megagblẽ kɔ ɖo na eɖokui ɖe ame kukua ɖeke ŋu le eƒe dukɔ la dome, bena woaƒo ɖi eɖokui o.


Wò amegbetɔvi, tso yi ɖaɖɛ wo talũhɛ, ne natsɔ alũ wò ta kple wò ge, eye natsɔ nudanu amã ɖawo mee.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite