Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 21:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Mado go le kɔkɔeƒe la o, bena magagblẽ kɔ ɖo na eƒe Mawu ƒe kɔkɔeƒe la o, elabena eƒe Mawu ƒe ami sisi kɔkɔe le eŋu Nyee nye Yehowa!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Mekpɔ mɔ agblẽ eƒe Mawu la ƒe kɔkɔeƒe ɖi alo ado gui o, elabena wokɔ eya amea ŋuti kple eƒe Mawu la ƒe ami kɔkɔe; nyee nye Yehowa.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 21:12
9 Referans Kwoze  

Migadzo le Mawu ƒe agbadɔ la nu, bena miaku o, elabena Yehowa ƒe ami le mia ŋu. Eye wowɔ, abe alesi Mose gblɔ ene.


Eye natsɔ sika nyuitɔ awɔ ŋgoblanu, eye ŋkɔɖelawo nata nu ɖe dzi bena: „Kɔkɔea na Yehowa.“


Aƒetɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be mahe du nyui la ayi na amesiwo wole ɖe anyi; eɖom ɖa, be mada gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, maɖe gbe ƒã ablɔɖe na gatɔwo, ne woaɖe ga amesiwo wode gãe;


Eye Mose tsɔ ami sisi la kple nu, si le vɔsamlekpuia dzi la, ƒe ɖe wu ɖe Aron kple eƒe awuwo kpakple viaŋutsuawo kple woƒe awuwo ŋu; ale wòkɔ Aron kple eƒe awuwo kpakple viaŋutsuawo kple woƒe awuwo ŋu.


Yesu, Nazaretetɔ la, alesi Mawu tsa Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple ŋusẽ hesi nɛ, amesi tsa hele nu nyui wɔm, eye wòda gbe le amesiwo katã dzi Abosam ɖu la ŋu, elabena Mawu li kplii.


Ɖetugbi atiati wòaɖe.


Made ame kuku gbɔ le ŋkeke, siwo katã me wòkɔ eɖokui ŋu na Yehowa la me o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite