Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 21:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ke amesi nye nunɔlagã le nɔviawo dome, amesi ƒe tame wokɔ ami sisi la ɖo, eye woɖoe, bena woaɖo awuawo la, mekpɔ mɔ akaka ɖa ɖe ta o, eye madze eƒe awuwo hã o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 “ ‘Nunɔlagã la, ame si wosi ami ɖe ta na le nɔvia ŋutsuwo dome, eye woɖoe nunɔlae be wòado nunɔlawu la, mele be wòakaka ɖa ɖe ta alo adze awu le eɖokui ŋu o.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 21:10
18 Referans Kwoze  

Amesi alé avua la, nanye nunɔla, si wòsi ami na, eye woɖoe, bena wòanye nunɔla ɖe fofoa teƒe asubɔ; eyae ado awu kɔkɔe ɣiawo,


Tete nunɔlagã la dze eƒe awuwo gblɔ bena: Egblɔ busunya! Ɖaseɖila kawo gahiã mí? Kpɔ ɖa, azɔ miese busunya la;


Eye ha la naɖe amewula tso hlɔ̃tɔ si me, eye ha la nana woakplɔe agbugbɔ ayi sitsoƒedu, si me wòsi yi ɖo la me, eye wòatsi afima, vaseɖe esime nunɔlagã, amesi wosi ami kɔkɔe na, naku hafi.


Eye wòkɔ ami sisi la ƒe ɖe ɖe Aron ƒe tame hesi ami ne, be wòako eŋu.


Ele abe ami: vevi le tame hetsyɔ ɖe ge me, tsyɔ ɖe Aron ƒe ge, si dze eƒe awu to la, me ene!


Azɔ Mardoxai trɔ va fia ƒe agbo me; ke Haman ɖe abla yi eƒe me, eye wòle nu xam hetsɔ nu tsyɔ ta.


Eye Dawid lia amiti-togbɛ la, eye wòle avi fam le yiyim; etsyɔ nu ta, eye wòzɔ afɔ ƒuƒlu; ameha blibo, si le eŋu la, dometɔ ɖesiaɖe tsyo nu ta, eye wolia to la hele avi fam le yiyim.


Ɖovu nanɔ anyidzela ŋu, wòagblẽ eƒe ta ɖi wòato, eye wòabla glã anɔ ɣli ɖom bena: Busue! busue!


Tete Yakob dze eƒe awu, sa papahũ ɖe ali, eye wofa konyi na via ŋkeke geɖewo.


Tete Hiob tso hedze eƒe awu, elũ eƒe ta, eye wòde ta agu hedo gbe ɖa


Tso ami ko ɖe eƒe tame, eye nasi ami ne.


Ɖe hũ le adza me, eye megawɔ kunu o; bia ta, eye nado atokota ɖe afɔ, megabla nu ɖe wò ge o, eye megaɖu konyifabolo o.


Ne nunɔla, si wòsi ami na, da vo hehe vɔ̃ va dukɔ la dzi la, ekema woatsɔ nyitsu ɖagbea ɖe, si so blibo asa nuvɔ̃ŋutivɔ na Yehowa ɖe nuvɔ̃, si wòwɔ la ta.


Eye magblẽ ko ɖo le fofoa alo ɖada, nɔviaŋutsu alo nɔvianyɔnu ƒe kukua ŋu o, elabena eƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu ƒe dzesi le ta nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite