Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 20:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo ŋu, eye miawo wo dzi, elabena nyee nye Yehowa, si ko mia ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Miwɔ nye seawo katã dzi, elabena nyee nye Yehowa, ame si kɔa mia ŋuti.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 20:8
19 Referans Kwoze  

Gblɔ na Israel-viwo bena: Miɖo ŋku ne dzudzɔgbeawo dzi! Elabena dzesi wònye le mia kpli mi kpakple miaƒe dzidzimeviwo dome, ne mianyae bena, nye Yehowa enye amesi wɔ mi kɔkɔe.


Ke mizu nyadziwɔlawo, eye menye nyasela, siwo blea wo ɖokui ɖeɖeko o!


Ke ele na mí be, míada akpe na Mawu ɖaasi le mia ta, nɔvi, siwo Aƒetɔ la lɔ̃na, bena Mawu Mia mi tso gɔmedzedzea me hena xɔxɔ le Gbɔgbɔ ƒe kɔkɔewɔwɔ kple nyateƒe dzixɔse la me,


Ke ŋutifafa Mawu la ŋutɔ nakɔ mia ŋuti keŋkeŋ, eye wòadzra miaƒe gbɔgbɔ kple luʋɔ kpakple ŋutilã blibo la katã ɖo mokaka manɔŋui halase mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vavagbe la!


Bu nunɔlawo kɔkɔe, elabena woawoe tsɔa wò Mawu ƒe nuɖuɖu sa vɔe. Ame kɔkɔewo woanye na wò, elabena nye Yehowa, si kɔ mia ŋu la, mele kɔkɔe.


Woayra amesiwo nyẽ woƒe awuwo, bene woana ŋusẽ wo woava agbeti la gbɔ, eye ne woato agboawo nu ayi ɖe du la me.


Ke eya ŋuta gbɔ wòtso miele Kristo Yesu me, amesi zu nunya kple dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye kpakple fexexeɖeta, si tso Mawu gbɔ la na mí,


Ne mienyã nusiawo, eye miewɔ wo la, Woayra mi.


Elabena amesi ke le Fofonye, si le dzi ƒowò, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la, eyae nye nɔvinyeŋutsu, enye nɔvinyenyɔnu, ganye danye hã.


Eyaŋuti amesiame, si se nye nya siawo, eye wòwɔ wo dzi la, matsɔe aɖo ŋutsu nyanu, si tu eƒe xɔ ɖe kpe gbadza dzi la ŋuti;


Eyaŋuti amesi ke tu nenem se siawo dome suetɔ ɖeka, eye wòfia amewo nenema la, woayɔe be wo katã ƒe suetɔ le dziƒofiaɖuƒe la me; ke amesi ke wɔ edzi, eye wòfia amewo la, woayɔ eyama be gã le dziƒofiaɖuƒe la me.


Eye dukɔwo adze sii be, nye Yehowa ye ko Israel ŋu, ne nye kɔkɔeƒe la le wo dome tegbee.


Eye metsɔ nye dzudzɔgbewo hã na wo, ne woanye dzesi anɔ mía kple wo dome, eye woadze sii be, nye Yehowa ye kɔ wo ŋu.


Eyata milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo katã kple nye seawo katã ŋu, eye miawɔ wo dzi. Nyee nye Yehowa!


Movitɔwo kple ŋkuagbãtɔwo, kae lolo wu, sika loo alo mawuƒe, si na sika la ŋuti kɔna, mahã?


Milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo ŋu. Megana wò lã ƒomevi vovovowo natsaka ayɔ asi wo nɔewo o; megaƒã nuku ƒomevi vovovowo ɖe wò agble me o, eye megata avɔ, si wotsɔ lãfu kple ɖeti tsaka lɔ̃e la o.


Mínye ame kɔkɔewo nam, elabena nye Yehowa la kɔkɔetɔ menye, eye metia mi tso dukɔwo dome, bena mianye tɔnye.


Migaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la o, bena woakɔ ŋunye le Israel-viwo dome. Nyee nye Yehowa, si wo mi kɔkɔe,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite