Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 20:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ne amea ɖe yi ŋɔliyɔlawo kple bokɔnɔwo gbɔ, eye wòdze wo yome la, maɖe ŋku atɔ ame la, eye matsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 “ ‘Maɖe ŋku atɔ ame sia ame si adze ŋɔliyɔlawo kple bokɔnɔwo yome, eye madze nye boŋ yome o; matsrɔ̃e ɖa le eƒe amewo dome.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 20:6
17 Referans Kwoze  

Migayi ŋɔliyɔlawo gbɔ o, eye migabia nu le bokɔnɔwo gbɔ o, bena miagaƒo ɖi o. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!


Ne wogblɔ na mi be, mibia nu ŋɔliyɔlawo kple afakalawo se, amesiwo nɔa ŋɔti me gbee dom, eye wonɔa gbe tem la, ɖe dukɔ mabia nu eƒe Mawu ase oa? De woabia nu kukuawo na agbagbeawoa?


Ne ŋutsu alo nyɔnua ɖe nye ŋɔliyɔla alo bokɔnɔ la, ekema woawu wo; woaƒu kpewo woaku, elabena woa ŋutɔwoe de hlɔ̃fe.


Elabena amesiwo te ɖe aga le ŋuwò la, woegblẽ; àtsrɔ̃ amesiwo katã trɔ ʋu le yowòme la.


Nye dukɔ le gbe biam eƒe atiwo, eye eƒe atizɔti tea nya nɛ. Elabena ahasiwɔgbɔgbɔ kplɔ wo trae, wowɔ ahasi, eye wotrɔ le woƒe Mawu yome.


Miaƒe ame sisiwo aɖo ŋku dzinye le dukɔwo dome, afisi woɖe aboyo wo yii, nenye be, megbã woƒe ahasiwɔdzi, si trɔ le yonyeme, kple woƒe ŋku, siwo dze legbawo yome la; eye woanyɔ ŋu na woawo ŋutɔwo ɖokui le woƒe nu vɔ̃ɖi, siwo wotso woƒe ŋunyɔnuwo katã wo la ta;


Ne miekpɔ gboawo la, ekema miaɖo ŋku Yehowa ƒe seawo katã dzi, eye miawɔ wo dzi, bena miagadze miaƒe dziwo kple ŋkuwo yome awu nusi wodi la o.


Migaɖu nusi me ʋu le o. Migaka afã o, eye migasa dzo o.


Eye wòva me bena, esime mieyina gbedoɖaƒe la, nyɔnudɔlaa ɖe, si me afakakagbɔgbɔ le la, kpe mí, amesi nana eƒe aƒetɔwo kpɔa viɖe geɖe to nukaka me la.


Amesiame, si adɔ lãa ɖe gbɔ la, woawui.


Ne Israel ƒe aƒemetɔa ɖe alo amedzrovi, si le wo dome, ɖu lãʋua ɖe la, maɖe ŋku atɔ amesi ɖu ʋua la, eye matsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome.


ekema nye ŋku anɔ ame la kple eƒomeawo ŋu, eye matsrɔ̃ ame la kple amesiwo katã dze eyome hesubɔ Molex la, le woƒe dukɔ la dome.


Eyata ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, matsɔ nye ŋku aɖo mia ŋu hena vɔ̃wɔwɔ mi, eye matsrɔ̃ Yuda blibo la.


Megana nyɔnu dzotɔwo nanɔ agbe o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite