Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 20:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Maɖe ŋku atɔ ame la, eye matsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome, elabena etsɔ via na Molex, bena wòado ŋunyɔ nye kɔkɔeƒe la, eye wòaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Emegbe nye ŋutɔ mado dɔmedzoe ɖe eŋu, eye maɖee ɖa le eƒe amewo dome, elabena etsɔ via sa vɔe na Molek, eto esia me wɔ nye Agbadɔ wòzu teƒe si medze be maganɔ o, eye wòdo vlo nye ŋkɔ kɔkɔe la.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 20:3
16 Referans Kwoze  

Megatsɔ viwò sa vɔe na Molex o, bena nagaƒo ɖi Yehowa, wò Mawu ƒe ŋkɔ o. Nyee nye Yehowa.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe, esi netsɔ wò legbawo katã kple wò ŋunyɔnuwo katã gblẽ kɔ ɖo na nye kɔkɔeƒe ta la, ne magbe wò gbagbã gudugudu, nye ŋku akpɔ nublanui na wò, eye makpɔ tawo fi!


Ne Israel ƒe aƒemetɔa ɖe alo amedzrovi, si le wo dome, ɖu lãʋua ɖe la, maɖe ŋku atɔ amesi ɖu ʋua la, eye matsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome.


Alo ɖekawɔwɔ kae le mawuxɔ kple trɔ̃wo domea? Elabena miawoe nye Mawu gbagbe la ƒe xɔ, abe alesi Mawu gblɔ ene bena: „Manɔ wo dome, eye mazɔ wo dome, eye manye Mawu na wo, eye woawo hã woanye nye dukɔ.


Israel ƒe aƒe, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mia dome amesiame neyi, ne wòaɖasubɔ eƒe legbawo ko; ke emegbe la miava ɖo tom xoxo, eye miagatsɔ miaƒe vɔsanuwo kple miaƒe legbawo agblẽ ka ɖo na nye ŋkɔ kɔkɔe la azɔ o.


Ke ne amea ɖe ŋu mekɔ o, eye womeɖe nuvɔ̃ le eŋu o la, ekema woatsrɔ̃e ɖa le ha la dome, elabena edo ŋunye Yehowa ƒe kɔkɔeƒe la; womewu ameŋukɔtsi ɖe eŋu o, eyata eŋu mekɔ o.


Ale miaxlɔ̃ nu Israel-viwo le nu makɔmakɔwo ŋu, bena ne wo ŋu mekɔ o la, woagagblẽ kɔ ɖo na nye nɔƒe, si le wo dome la, eye woaku o.


Elabena Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe kukuɖeɖe ŋu; ke Yehowa klẽa ŋku ɖe amesiwo wɔa vɔ̃ la.


Ke ne anyigbadzitɔwo miã ŋku ɖe amesi tsɔ via na Molex la dzi, eye womewui o la,


Ne amea ɖe ɖe asi ame kuku ŋu, eye meɖe nuvɔ̃ ɖa le eɖokui ŋu o la, ekema edo ŋunyɔ Yehowa ƒe nɔƒe la; ele be, woatsrɔ̃ ame sia ɖa le Israel, elabena womewu ameŋukɔtsi la ɖe eŋu o, eyata eŋu mekɔ o, eye eya ŋutɔ de busu eɖokui ŋu.


Ne amea ɖe wɔ etɔgbe alo wòna eƒe ɖe ame bubua ɖe la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.


Amesi ŋu mekɔ o, gake woɖu akpedavɔsalã, si nye Yehowa tɔ la, woatsɔe ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.


Ne amea ɖe de asi nu makɔmakɔa ɖe ŋu, eɖanye amea ɖe ƒe nu makɔmakɔ, lã makɔmakɔ alo ŋunyɔnu makɔmakɔa ɖe ŋu o, eye woɖu akpedavɔsa, si nye Yehowa tɔ ƒe ɖe la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.


Migaka aʋatso yɔ nye ŋkɔ ta nui o, bena nagaƒo ɖi wò Mawu ƒe ŋkɔ o. Nyee nye Yehowa!


Woanɔ kɔkɔe na woƒe Mawu, eye womaƒo ɖi woƒe Mawu ƒe ŋkɔ o, elabena woawoe sa Yehowa ƒe dzovɔ, si nye woƒe Mawu ƒe nuɖuɖu, eyata woanɔ kɔkɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite