Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 20:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Mínye ame kɔkɔewo nam, elabena nye Yehowa la kɔkɔetɔ menye, eye metia mi tso dukɔwo dome, bena mianye tɔnye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Ele be mianye ame kɔkɔewo nam, elabena nye Yehowa la, kɔkɔetɔe menye, eye meɖe mi ɖe aga tso dukɔ bubuwo me tɔwo katã gbɔ be mianye tɔnyewo.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 20:26
19 Referans Kwoze  

Eyata miwɔ mia ɖokui kɔkɔe, eye mianɔ kɔkɔe, elabena nyee nye Yehowa, mia Mawu!


Eye megblɔ na mi bena: Mixɔ woƒe anyigba la wòanye mia tɔ, eye matsɔ anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, ana mi wòazu mia tɔ. Nyee nye Yehowa, mia Mawu, si tia mi tso dukɔwo dome.


amesi tso eɖokui hena ɖe mía ta, bene yeaxe fe ɖe mia ta axɔ mí atso sedzimawɔmawɔ katã me, eye bene yeaklɔ dukɔ, si doa vevie le dɔ nyui wɔwɔ me la ŋuti hena ye ŋutɔ ɖokui!


Ƒo nu kple Israel ƒe ha blibo la, eye nagblɔ na wo bena: Ame kɔkɔewo mianye, elabena nye Yehowa, mia Mawu la, mele kɔkɔe.


Elabena dukɔ kɔkɔe nènye na Yehowa, wò Mawu la; Yehowa, wò Mawu, tia wò tso dukɔwo katã dome le anyigba dzi, bena nanye eya ŋutɔ ƒe dukɔ.


elabena dukɔ kɔkɔe nènye na Yehowa, wò Mawu la, eye Yehowa tia wò tso dukɔwo katã dome le anyigba dzi, ne nanye eya ŋutɔ ƒe dukɔ.


Eye wodo ɣli ɖo ɖe wo nɔewo gblɔ bena: Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe enye Yehowa Zebaot! Eƒe ŋutikɔkɔe yɔ anyigba blibo la dzi!


Eye aʋala ade li na nu gbagbe eneawo dome ɖesiaɖe, eye ŋkuwo yɔ wo ŋuti kple wo me fũ, eye womekpɔ dzudzɔ zã kple keli o hele gbɔgblɔm bena: Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe nye Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, amesi nɔ anyi, eye woli, eye wòle vava ge la!


Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Filadelfia la, ƒe dɔla bena: Amesi enye kɔkɔetɔ kple nyateƒea, amesi si Dawid ƒe safui le, amesi ʋuna amea ɖeke metuna o, eye wòtuna amea ɖeke meʋuna o la, eyae gblɔ esiawo bena:


Mido Yehowa, mía Mawu la, ɖe dzi, eye mide ta agu ɖe eƒe to kɔkɔe la ŋgɔ, elabena Yehowa, mía Mawu la, le kɔkɔe!


Mido Yehowa, mía Mawu la, de dzi, eye mide ta agu ɖe eƒe afɔɖodzinu ŋgɔ! Eyama le kɔkɔe.


Mite ɖa le mɔ la dzi midze le toƒe la, eye mina Israel ƒe kɔkɔetɔ la nabu le mía ŋku me!


Eye nuka gɔ woatsɔ adze sii bena, eve mia kple wo dukɔ la nu, ne meyi kpli mí, bena wòadze sii be, wòe tia mia kple wò dukɔ la le anyigba dzi dukɔwo katã dome oa?


Yosua ɖo ŋu na dukɔ la bena: Miate ŋu asubɔ Yehowa o, elabena Mawu kɔkɔe kple Mawu hã ŋu wònye, matsɔ miaƒe vodadawo kple nuvɔ̃wo ake mi o.


Elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. Eyata miwɔ mia ɖokui kɔkɔe, eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔetɔ menye; migatsɔ anyigbadzilã suewo gblẽ kɔ ɖo na mia ɖokui o.


Milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo ŋu, eye miawo wo dzi, elabena nyee nye Yehowa, si ko mia ŋu.


Eye dukɔ la ƒe susɔea, nunɔlawo, Lewi-viwo, agbonudzɔlawo, hadzilawo kple gbedoxɔ me dɔwɔlawo kpakple amesiame, si ɖe eɖokui ɖa tso anyigba dzi dukɔwo dome hetrɔ ɖe Mawu ƒe se la ŋu la, wo srɔ̃wo, wo ŋutsuviwo kple wo nyɔnuviwo, amesiame, si ate ŋu ase egɔme ko la,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite