Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 20:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ne amea ɖe dɔ nyɔnua ɖe, si kpɔ dzinu gbɔ, eye wòɖe eƒe ama, si me ʋu le dodom le, ɖe go la, ekema woatsrɔ̃ woa kple eve la ɖa le woƒe dukɔ la dome.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 “ ‘Ne ŋutsu aɖe dɔ nyɔnu aɖe si tsi gbɔto gbɔ la, woatsrɔ̃ wo ame eve la, elabena ŋutsu la ɖe nyɔnu la ƒe makɔmakɔnyenye ɖe go.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 20:18
6 Referans Kwoze  

Ne nyɔnua ɖe kpɔ dzinu la, megamlɔ egbɔ ade asi eŋu o.


Ne ŋutsua ɖe mlɔ egbɔ, eye ʋu la ɖe ɖe eŋu la, ekema eŋu meka o ŋkeke adre, aba sia aba, si dzi ŋutsua mlɔ la, ŋu mekɔ o.


Woɖea ama fofo le mewo, eye woɖea asi nyɔnu, si kpo dzinu la ŋu le mewò.


meɖua nu le towo dzi o, eye mefɔa mo te ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe legbawo ŋu o, megblẽa kɔ ɖo na ehavi srɔ̃ o, eye metena ɖe nyɔnu ŋuti le eƒe dzinukpɔɣi o,


Gblɔ na Israel-viwo be: Ne nyɔnua ɖe fo fu, eye wòdzi ŋutsuvi la, ekema eŋu mekɔ o ŋkeke adre, abe ŋkeke alesi wokpɔa dzinui ene.


Ne amea ɖe wɔ etɔgbe alo wòna eƒe ɖe ame bubua ɖe la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite