3 Mose 20:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191317 Ne amea ɖe ɖe nɔvianyɔnu, si nye fofo via alo dada via, eye wòkpɔ eƒe ama, eye nyɔnu la hã kpɔ eƒe ama la, ekema ŋukpenanu wònye, eye woatsrɔ̃ wo le woƒe dukɔ me viwo dome, elabena eɖe nɔvianyɔnu ƒe ama ɖe go, eye fɔɖiɖi la le edzi. Gade chapit laAgbenya La17 “ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi nɔvia nyɔnu, eɖanye fofoa ƒe vinyɔnu alo dadaa ƒe vinyɔnu ŋu la, enye ŋukpenanu, eye ele be woatsrɔ̃ wo ame eve la ɖa tso Israelviwo dome. Fɔɖiɖi la anɔ ŋutsu la dzi. Gade chapit la |