Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 2:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ne èbe, yeatsɔ nusi wotɔna le agba me asa nuɖuvɔe la, ekema wòanye wɔ memee, si wode amũ; nu maʋamaʋã wòanye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Ne woatɔ nane kple ami atsɔ ana abe nuɖuvɔsa ene la, woatsɔ wɔ memee maʋamaʋã atɔe.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 2:5
5 Referans Kwoze  

Nuɖuvɔsa, siwo katã woƒona ɖe kpo me, woɖana le ze me alo wotɔna le agba me la, nanye nunɔla, si tsɔe sa vɔe la tɔ.


Ne woɖae le ze me la, ekema woagbã ze la, ke nenye gaze me woɖae le la, ekema woaklɔe, eye woakpalae kple tsi.


Flii kakɛkakɛ, eye nakɔ ami ɖe edzi, elabena nuɖuvɔsae.


Nusiwo wòna, wonye: klosalogba ɖeka, si da sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, kple klosaloze ɖeka, si ɖa sekel kɔkɔe blaadre, woa kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee, si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuvɔsae,


Nenye kafukafu tae wòbe, yeasa vɔ ɖo la, ekema wòatsɔ aboŋgo maʋamaʋã, akaklã, si dzi wokɔ ami ɖo, kpakple wɔ memee, si wodzaba kple ami hetsɔ tɔ tatali la, akpe ɖe eƒe kafukafuvɔsalã la ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite