Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 2:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ne èbe, yeatsɔ nusi woƒona de kpo me asa nuɖuvɔe la, ekema natsɔ wɔ memee aƒo aboŋgo maʋamaʋã kple akaklã, si dzi nakɔ ami ɖo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 “ ‘Ne wotsɔ abolo si wome le kpo me vɛ abe vɔsa na Yehowa ene la, ele be woamee kple wɔ memee kple ami, gake amɔʋãtike manɔ eme o. Woate ŋu atsɔ akpɔnɔ si wome kple wɔ maʋamaʋã, eye wokɔ ami ɖe edzi hã ana abe nuɖuvɔsa ene.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 2:4
21 Referans Kwoze  

eye natsɔ wɔ memee aƒo abolo maʋamaʋà kple aboŋgo maʋamaʋã, eye natɔ tatali maʋamaʋã akɔ ami ɖe dzi.


Woke woƒe nu ɖe ŋunye abe dzata, si le xɔxlɔ̃m hele nu vuvum ene.


amesi mewɔ nuvɔ̃a ɖeke o, eye womekpɔ beble le eƒe nu me hã o;


Eyata miɖe vɔ̃ɖinyenye katã kple aɖaŋu vɔ̃ katã kple alakpadada kple ŋuʋaʋã kple ameŋuzɔzɔ katã ɖa,


Elabena nunɔlagã sia tɔgbe hiã míawo hã: Amesi nye kɔkɔetɔ, ame maɖifɔ, ame maƒoɖi, amesi ɖe eɖokui ɖa tso nuvɔ̃wɔlawo dome, eye wokɔe ɖe dzi wu dziƒowo,


Fiti ko nye luʋɔ ʋuʋu kpẽkpẽkpẽ, eye aleke magblɔ? Fofo, ɖem tso gaƒoƒo sia me! Gake esia ta meva gaƒoƒo sia me ɖo.


Elabena amesi Mawu dɔ la, Mawu ƒe nyawo ŋuti wòƒoa nu lena; elabena mena Gbɔgbɔ la le dzidzenu nu o.


Tete wògblɔ na wo bena: Nye luʋɔ le nu xam kakaka vaseɖe ku me; minɔ afisia, eye minɔ ŋudzɔ kpakplim.


Kpɔ ɖa, nye dɔla enye si, malée ɖe te, nye ame tiatia, si ƒe nu nyo ŋunye! Meda nye gbɔgbɔ ɖe edzi, ne woahe nye ɖoɖowo ayi na dukɔwo.


Eye Mose gblɔ na Aron kple Eleazar kpakple Itamar, viaŋutsu, siwo susɔ ɖi bena: Mitso nuɖuvɔsa, si susɔ tso Yehowa ƒe dzovɔsa me la, eye miaɖui maʋamaʋãe le vɔsamlekpui la gbɔ, elabena nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wonye.


Tete wògblɔ nam bena: Teƒe siae nunɔlawo naɖa fɔɖivɔsalã kple nuvɔ̃vɔsalã le, eye afisiae woatɔ nuɖuvɔsa le, ne womagatsɔe ayi xɔxɔnu kɔtoetɔ ana dukɔ la ŋu nakɔ o.


Aƒetɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be mahe du nyui la ayi na amesiwo wole ɖe anyi; eɖom ɖa, be mada gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, maɖe gbe ƒã ablɔɖe na gatɔwo, ne woaɖe ga amesiwo wode gãe;


Nenye kafukafu tae wòbe, yeasa vɔ ɖo la, ekema wòatsɔ aboŋgo maʋamaʋã, akaklã, si dzi wokɔ ami ɖo, kpakple wɔ memee, si wodzaba kple ami hetsɔ tɔ tatali la, akpe ɖe eƒe kafukafuvɔsalã la ŋu.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose gblɔ bena:


Eye woawui ɖe vɔsamlekpui la ƒe anyiehekpa dzi le Yehowa ŋku me. Eye Aron viŋutsu, siwo nye nunɔlawo, natsɔ eƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo ava kpe.


Eye Israeltɔwo na ŋkɔe be man; ele abe xetsetse ene hele ɣie; eye wòvivina abe tatali, si me wode anyitsii ene.


Woame lã la aɖu le zã ma me, eye woatsɔ abolo maʋamaʋã kple ama veve adoe.


kpakple kusi, si me nu maʋamaʋãwo le: aboŋgo, si wotsɔ wɔ memee ƒoe, kple akaklã, si dzi wokɔ ami ɖo; emegbe wòatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa akpe ɖe wo ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite