Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 2:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ke nuɖuvɔsa mamlea nye Aron kple viaŋutsuwo tɔ, nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye tso Yehowa ƒe dzovɔsa la me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Woatsɔ wɔ la ƒe mamlɛa ana Aron kple via ŋutsuwo abe woƒe nuɖuɖu ene; ke woabu esiawo katã abe nuɖuvɔsa kɔkɔe na Yehowa ene.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 2:3
17 Referans Kwoze  

Woƒe nunana kɔkɔetɔ, siwo anye tɔwò la, wonye, woƒe nuɖuvɔsawo katã, nuvɔ̃vɔsawo katã kple fɔɖivɔsawo katã, siwo wonam la dometɔ, siwo womatɔ dzoe o, nu kɔkɔe woanye na mia kple viwòŋutsuwo.


Ke ekpɔ mɔ aɖu eƒe Mawu ƒe nuɖuɖu kɔkɔe la, kple esi le kɔkɔe ƒo wo katã ta la.


Metiae tso Israel-towo katã dome, be wòanye nunɔla nam, eye woate ɖe nye vɔsamlekpui la ŋu, woatso nu ʋeʋẽe ado dzudzɔe, eye wòado kɔmewu la le ŋkunye me, eve metso Israel-viwo ƒe dzovɔsawo katã na fofowò ƒe aƒe la


Nuɖuvɔsa, siwo katã woƒona ɖe kpo me, woɖana le ze me alo wotɔna le agba me la, nanye nunɔla, si tsɔe sa vɔe la tɔ.


Ke nuɖuvɔsa mamlea nye Aron kple viaŋutsuwo tɔ, nu kɔkɔewo fe nu kɔkɔe wònye tso Yehowa ƒe dzovɔsa la me.


Ŋkeke adre sɔŋ name avulénuwo le vɔsamlekpui la dzi, eye nawɔe kɔkɔe, bena vɔsamlekpui la nazu nu kɔkɔetɔ. Nusianu, si aka vɔsamlekpui ŋu la, azu kɔkɔe.


Ale nunɔla alé vu nɛ le eƒe vo, si wòda le nusiawo dometɔ ɖeka me la ta, eye woatsɔe akee. Ke nu mamlea nye nunɔla la tɔ abe nuɖuɖuvɔsa tɔ ene.


Eye anyigba dzikpɔla gblɔ na wo bena, womekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔetɔ ƒe ɖeke, o, vaseɖe esime nunɔlaa ɖe natsɔ Urim kple Tumim adoe hafi.


Ke Aron kple viaŋutsu wo naɖu mamlea, nu maʋamaʋã wòanye woaɖu le teƒe kɔkɔe la; Mawu ƒe agbadɔ la ƒe kpɔ me woaɖui le.


Nuvɔ̃ŋutivɔsa kple fɔɖivɔsa wòsɔ, se ɖeka le wo ŋu; nunɔla, si tsɔe lé avui la, tɔ wònye.


Woatsɔ ala, si nye adzɔ, kple akɔ, si wonye la, akpe ɖe amiawo, siwo nye dzovɔsa la ŋu, eye nanye wo le Yehowa ƒe ŋku me, bena woanye wò ŋutɔ kple viwòŋutsuawo to. Miaƒe gome wòanye tegbee, abe alesi Yehowa de se ene.


Emegbe woawu alẽvi la ɖe teƒe kɔkɔe, si wowua nuvɔ̃vɔsalã kple numevɔsalã ɖo; elabena fɔɖivɔsalã hã nye nunɔla tɔ, abe nuvɔ̃vɔsalã ke ene; nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye.


Woaɖu nuɖuvɔsa, nuvɔ̃vɔsa kple fɔɖivɔsa, eye nusiwo katã wodo busui le Israel la, nanye wo tɔ.


Tete wògblɔ nam bena: Teƒe siae nunɔlawo naɖa fɔɖivɔsalã kple nuvɔ̃vɔsalã le, eye afisiae woatɔ nuɖuvɔsa le, ne womagatsɔe ayi xɔxɔnu kɔtoetɔ ana dukɔ la ŋu nakɔ o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite