Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 2:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Migatsɔ amɔwɔ ʋaʋã wɔ nuɖuvɔ, si miasa na Yehowa la, dometɔa ɖeke o, elabena womatɔ dzo amɔwɔ ʋaʋã alo anyitsinua ɖeke na Yehowa o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 “ ‘Mele be amɔʋãtike nanɔ nuɖuvɔsa siwo mietsɔna vaa Yehowa ŋkume la me o, elabena mele be miatɔ dzo nuʋãtike alo anyitsi le dzovɔsa si miewɔna na Yehowa la me o.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 2:11
19 Referans Kwoze  

Amɔwɔ ʋaʋã via ɖe nana amɔwɔ blibo la katã ʋãna.


Esi ameha, si ƒe xexlẽme ade akpeakpewo, va ƒo ƒu ale bena, wole afɔ ɖom wo nɔewo dzi la, ede asi gbɔgblɔ me na eƒe nusrɔ̃lawo gbã bena: Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le farisitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã, si nye alakpadada la, ŋuti.


Megatsɔ nye vɔsalã ƒe ʋu sa vɔe le afisi amɔwɔ ʋaʋã le o, eye megadzra nye ŋkekenyuievɔsalã ƒe ami ɖi ŋu nake ɖe edzi o.


bena miaganɔ agbe na amewo ƒe nudzodzrowo le ɣeyiɣi, si susɔ be, mianɔ agbe le ŋutilã me la me o, ke boŋ hena Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.


Ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o;


Eye wòde se na wo bena: Mikpɔ nyuie, eye milé be na mia ɖokui le farisitɔwo ƒe amiwo ʋaʋã kple Herodes ƒe amewo ʋaʋã la ŋuti.


Anyitsi geɖe nono menyo o; ke nya sesẽwo me dzodzro enye bubu.


Nu èkpɔ anyitsi la, noe ɖe wò dɔ nu, ne megati wò, eye wòado le nuwò emegbe o.


Vinye, no anyitsi, elabena enye, eye anyixe avivi le wò ve me.


hele ŋusẽ ɖom nusrɔ̃lawo ƒe luʋɔwo, eye wole nu xlɔ̃m wo be, woanɔ xɔse la me; eye bena xaxa geɖewo me to ge míala tsã ayi ɖe mawufiaɖuƒe la me.


Ke Yesu gblɔ na wo bena: Mikpɔ nyuie, eye milé be na mia ɖokui le farisitɔwo kple zadukitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã la ŋuti.


Megatsɔ nye vɔsalã ƒe ʋu sa vɔe le afisi amɔwɔ ʋaʋã le o, eye megagblẽ ŋutitotoŋkekenyuie ƒe vɔsalã ɖi ŋu nake ɖe edzi o.


Emegbe naxɔ nuawo le wo si ada ɖe vɔsalã la dzi le vɔsamlekpuia dzi, eye natɔ dzo wo, bena woaʋẽ lilili de Yehowa. Yehowa ƒe dzo wònye.


Eye woatso tsi akpala eƒe dɔmenuwo kple eƒe afɔwo, eye nunɔla natsɔ wo katã asa vɔe, eye woata dzo wo le vɔsamlekpui la dzi; elabena numevɔsae, dzovɔsa si nena lilili de Yehowa wònye.


Womatsɔ amɔwɔ ʋaʋã aƒoe o, elabena nye dzovɔsa me meɖee le na wo, nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye abe nuvɔ̃ŋutivɔsa kple fɔɖiŋutivɔsa ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite