Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 19:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ne mieŋe nukuwo le miaƒe agble me la, ekema megaŋe wo vaseɖe boto ke o, eye megafɔ nusiwo dudu la o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 “ ‘Ne miexa miaƒe agblemenuwo la, migaŋe nuku siwo le agblea to o, eye migafɔ nuku siwo dudu ɖe anyigba hã o.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 19:9
9 Referans Kwoze  

Ne mieŋe nu le miaƒe anyigba dzi la, migaŋe nukuawo vaseɖe boto ke o, eye migafɔ nusiwo dudu de anyi o; ke boŋ migblẽ wo di na ame dahewo kple amedzrowo. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!


Emegbe wòtsi tre gayi efɔ ge. Tete Boas de se na eƒe dɔlawo bena: Mina wòafɔe le bablawo hã domee, eye migaka mo nɛ o;


Eye Rut, Moab-nyɔnu la, gblɔ na Naomi bena: Mayi agble me aɖafɔ lu dzɔdzɔewo le amesi ave nunye la yome. Eye wògblɔ ne bena: Heyi, vinye!


Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne mieva anyigba, si matso na mi dzi, eye mieŋe nu le edzi la, ekema miatsɔ lubabla gbãtɔwo avae na nunɔla.


Ne amea ɖe metsi nu ɖɔ le ŋkeke sia dzi o la, woatsrɔ̃ ame la ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome,


Amesi ɖui la, eƒe vodada le edzi, elabena egblẽ kɔ ɖo na Yehowa ƒe nu kɔkɔe la, eye woatsrɔ̃ ame la ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.


Megaxa wò weingblemenuwo ƒiaƒiaƒia o, eye megafɔ tsetse, siwo dudu ɖe anyi hã o: ke boŋ gblẽ wo ɖi na ame dahewo kple amedzrowo. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!


Tete Boas gblɔ na Rut bena: Vinye, see! Megayi ɖafɔe le agble bubua ɖeke me o, eye megadzo le afisia hã o; ke boŋ lé ɖokuiwò ɖe nye dɔlanyɔnuwo ŋu!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite