Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 19:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ke ne woɖui le ŋkeke etɔ̃agbe la, ezu ŋunyɔnu, eye womaxɔe o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 elabena esi woaɖu le ŋkeke etɔ̃a gbe la, madze ŋunye o, eye nyemate ŋu axɔe o.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 19:7
9 Referans Kwoze  

Gbagbiãgba la maxe woƒe vodadawo kple woƒe nuvɔ̃wo ŋu fe na wo zigbɔ zi eve, elabena wotso woƒe nu makɔmakɔwo ƒe kukuwo gblẽ kɔ ɖo na nye anyigba, eye wotso woƒe ŋunyɔnuwo yɔ nye domenyinu la dzi fũ.


Amesi wu nyitsu la, sɔ kple amesi wu ame, amesi tsɔ alẽvi sa vɔe la, sɔ kple amesi tro kɔ le avũ nu, amesi sa nuɖuvɔ la, sɔ kple amesi tsɔ haʋu sa vɔe, amesi do dzudzɔ ʋeʋẽe la, sɔ kple amesi kafua trɔwo. Alesi amesiawo ɖaa woawo ŋutɔ ƒe mɔ, eye woƒe luʋɔ kpɔa dzidzɔ le woƒe ŋunyɔnuwo ŋu la,


amesiwo bɔbɔ nɔa yɔdowo me eye wotsia teƒe ɣaɣlɛwo dɔna, amesiwo ɖua halã, eye detsi nyɔ ŋu le woƒe ku lu wo me;


Migasa nuɖuvɔ alakpatɔ azɔ o, dzudzɔdonu nyɔŋu wònye nam. Dzinu yeyewo, dzudzɔgbewo kple gbeƒẽɖeɖe takpegbewo la, nyemate ŋu ado dzi atsɔ alakpa kple takpekpewo o!


Migaƒle wo le amedzrowo si o, eye miekpɔ mo atso wo tɔgbe awɔ nuɖuɖu na miaƒe Mawu o, elabena nu wo wo, eye wo ŋuti mesɔ o; womaxɔ wo na mi o.


Nenye ɖokuiwò si nèbe, yeana nu le la, ekema èkpɔ mɔ ana nyi alo alẽ, si ŋutinua ɖe didi gbɔ me alo to ɖe me; ke nenye adzɔgbee neɖe la, womaxɔe o.


Miaɖui le gbesigbe miewui kple ŋkeke, si dze eyome dzi; ke woatɔ dzo esi tsi anyi vaseɖe ŋkeke etɔ̃agbe.


Amesi ɖui la, eƒe vodada le edzi, elabena egblẽ kɔ ɖo na Yehowa ƒe nu kɔkɔe la, eye woatsrɔ̃ ame la ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite