Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 19:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Migayi legbawo gbɔ o, eye migakɔ mawuwo na mia ɖokui o. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 “ ‘Migatrɔ ɖe legbawo ŋu alo miatsɔ ga awɔ mawuwo na mia ɖokuiwo o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 19:4
19 Referans Kwoze  

Migawɔ legba na mia ɖokui o, migawɔ aklama kpakpɛ alo aƒeli na mia ɖokui o, eye migatsɔ kpe kpa nɔnɔme aɖo miaƒe anyigba dzi, be miaɖe ta agu nɛ o; elabena nyee nye Yehowa, mia Mawu.


Megake mawu na ɖokuiwò o!


Migawɔ mawu bubua ɖeke kpe ɖe ŋunye o; migawɔ ɖeke o, eɖanye klosalolegba alo sikalegba o.


Viwo, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le trɔ̃wo ŋuti!


Amesi wɔ aklama kpakpɛ alo kɔ legba, nusi nye ŋunyɔnu na Yehowa, eye wònye adaŋu wɔla ƒe dɔwɔwɔ, eye wòtsɔe ɖo adza me la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!


Eyata, nye lɔlɔ̃tɔwo, misi le trɔ̃subɔsubɔ la nu!


Elabena dukɔwo ƒe mawuwo katã nye nu dzodzrowo; ke Yehowa ye wɔ dziƒo.


Eye wòxɔ wo le wo si, eye wotsɔ pɛ wɔ nyivi ƒe nɔnɔme, eye wòkɔe. Tete wogblɔ bena: Israel, esia nye wò mawu, si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi.


Minyẽ kɔ kpɔ megbe tso egbe, dzinu asiekelia ƒe ŋkeke blave vɔ enelia dzi vaseɖe gbesigbe woɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ gɔme anyi la dzi; milé ŋku ɖe eŋu:


Ne miesa akpedavɔ na Yehowa la, miwɔe ale be, miadze eŋu.


Elabena dukɔwo ƒe mawuwo katã nye legbawo, ke Yehowa wo dziƒo.


Elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. Eyata miwɔ mia ɖokui kɔkɔe, eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔetɔ menye; migatsɔ anyigbadzilã suewo gblẽ kɔ ɖo na mia ɖokui o.


Ke le ƒe atɔ̃lia me miekpɔ mɔ aɖu woƒe tsetsewo, bena woatse ɖe dzi na mi geɖe. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!


ne miagawɔ vɔ ayi legba wɔ ge na mia ɖokui o, eɖanye ŋutsu alo nyɔnu ƒe nɔnɔmea ɖeke o;


Mitɔ dzo woƒe aklama kpakpɛwo, eye wo ŋu sika kple klosalo megabiã ŋu na mi, ne miatsɔ wo na mia ɖokui ahaɖo mɔ̃ me o, elabena ŋunyɔnu wonye na Yehowa, mia Mawu la.


èwɔ nu gbegblẽ wu amesiwo katã nɔ ŋgɔ na wò, eye nèɖawɔ mawu bubuwo, eye nèkɔ legbawo, be natsɔ aɖo dɔmedzoe nam, ke netsɔ nye nya ƒu gbe ɖe megbewò la,


ke boŋ eto Israel-fiawo ƒe ne me, eye wòkɔ legbawo na Baalwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite