Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 19:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Miɖo ŋku nye dzudzɔgbewo dzi, eye vɔvɔ̃ nanɔ nye kɔkɔeƒe la ŋu na mi. Nyee nye Yehowa!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

30 “ ‘Milé se si ku ɖe nye Dzudzɔgbe ŋuti la me ɖe asi, eye miade bubu nye Agbadɔ la ŋu, elabena nyee nye Yehowa.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 19:30
16 Referans Kwoze  

Miɖo ŋku nye dzudzɔgbewo dzi, eye vɔvɔ̃ nanɔ nye kɔkɔeƒe la ŋu na mi. Nyee nye Yehowa!


Wò nu megatsɔ blablabla o, eye wò dzi megatsɔ, ne wòaƒo nu le Mawu ŋku me o; elabena Mawu le dziƒo, eye wòa nèle anyigba, eyata wò nyawo nenɔ ʋee.


Amesiame nayɔ dada kple fofoa, eye miaɖo ŋku nye dzudzɔgbewo dzi. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!


Alo ɖekawɔwɔ kae le mawuxɔ kple trɔ̃wo domea? Elabena miawoe nye Mawu gbagbe la ƒe xɔ, abe alesi Mawu gblɔ ene bena: „Manɔ wo dome, eye mazɔ wo dome, eye manye Mawu na wo, eye woawo hã woanye nye dukɔ.


eye wògblɔ na wo bena: Woŋlɔ ɖi bena: „Nye aƒe la, woayɔe be gbedoxɔ; ke miawo mietsɔe wo adzodalawo ƒe ɖoe.


Elabena ameka le dziŋgɔli me de Yehowa nu, eye ameka sɔ kple Yehowa le mawuwo ƒe viwo dome?


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na nɔviwò Aron be, megayi ɖe kɔkɔeƒe la me le xɔmetsovɔ la godo le nutsyɔnu, si le aɖaka la dzi la ŋgɔ ɣesiaɣi, be wòagava ku o; elabena meɖea ɖokuinye fiana le alilikpo me le nutsyɔnu la dzi.


Ɖo ŋku dzudzɔgbe la dzi, ne nawɔe kɔkɔe.


Elabena azãgbe la ɖo vɔ, bena ʋɔnudɔdrɔ̃ la nadze gɔme tso Mawu ƒe aƒe me; ke ne wodze egɔme tso mía dzi la, ekema nuka lanye nuwuwu na amesiwo meɖo to Mawu ƒe nyanyuie la o mahã?


Eye nunɔlawo ƒe amegãwo katã hã kple dukɔ la wɔ nu tovo geɖe le dukɔwo ƒe ŋunyɔnuwo katã nu, eye wodo gu Yehowa ƒe aƒe, si ŋu wòka le Yerusalem.


Etso legba, si wòwɔ la, ɖo mawuxɔ me, xɔ, si ŋu Mawu gblɔ le na Dawid kple via Salomo bena: Matsɔ nye ŋkɔ aɖo xɔ sia me tegbee kple Yerusalem, si metia le Israel-towo katã me la.


Ale miaxlɔ̃ nu Israel-viwo le nu makɔmakɔwo ŋu, bena ne wo ŋu mekɔ o la, woagagblẽ kɔ ɖo na nye nɔƒe, si le wo dome la, eye woaku o.


Eye Mose gblɔ na Aron bena: Ke esia gblɔm Yehowa le enye sia bena: Maɖe ɖokuinye afia amesi te ɖe ŋunye la, abe kɔkɔetɔ ene, eye maɖe nye ŋutikɔkɔe afia le dukɔ blibo la ŋku me. Tete Aron zi kpi.


Miwu amegã ɖeɖiwo, ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, ɖeviwo kple nyɔnuwo, ne miatsrɔ̃ wo; ke migade asi amesiwo katã ŋu dzesi le la ŋuti o, eye midze egɔme tso nye kɔkɔeƒe la gbɔ! Tete wodze egɔme ɖe ame tsitsi, siwo le aƒea ŋgɔ la ŋu


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite