Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 19:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo ŋu. Megana wò lã ƒomevi vovovowo natsaka ayɔ asi wo nɔewo o; megaƒã nuku ƒomevi vovovowo ɖe wò agble me o, eye megata avɔ, si wotsɔ lãfu kple ɖeti tsaka lɔ̃e la o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 “ ‘Miwɔ nye seawo dzi. “ ‘Migana lã nayɔ asi lã ƒomevi bubu o. “ ‘Mègaƒã nuku ƒomevi vovovowo ɖe wò agble me o. “ ‘Mègado awu si wotɔ kple avɔ si wotsɔ lãfu tsaka ɖeti lɔ̃ la o.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 19:19
18 Referans Kwoze  

Eye Absalom ƒe ɖekakpuiawo wɔ Amnon, abe alesi Absalom de se ene. Tete fia viŋutsuawo katã tsi tre, eye wo dome amesiame do eƒe tedzi hesi.


Eye Absalom va ƒo go Dawid ƒe dolawo Absalom do tedzisɔ, eye tedzisɔ la va to klẽti gãa ɖe, si vu alo dranyi la te, eye eƒe ta tsi klẽti la ŋu, eye wòle nyenyem le anyigba kple dziƒo dome; ke tedzisɔ la do le ete dzo.


Woƒe sɔwo le alafa adre kple blaetɔ̃ vɔ ade, woƒe tedzisɔwo le alafa eve kple blane vɔ atɔ̃;


fia la gblɔ na wo bena: Miɖe miaƒe aƒetɔ ƒe dɔlawo kpe ɖe mia ɖokui ŋu, eye mina vinye Salomo nado nye tedzisɔ, ne miakplɔe yi Gixon.


Ke ne etso amenuveve me la, magatso dɔwɔwɔwo me o, elabena ekema amenuveve maganye amenuveve o; ke ne etso dɔwɔwɔwo me la, meganye amenuveve o, elabena ekema dɔwɔwɔ maganye dɔwɔwɔ o.


Esiawo nye Zibeon ƒe viŋutsuwo: Aya kple Ana; eya nye Ana ma, si tɔ tsi dzodzoe vudo le gbedzi, esime wòle fofoa Zibeon ƒe tedziwo kplɔm la.


Miwɔ nye sewo dzi, eye milé ŋku ɖe nye ɖoɖowo ŋu, ne miawo wo dzi. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!


Eyata milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo katã kple nye seawo katã ŋu, eye miawɔ wo dzi. Nyee nye Yehowa!


Milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo ŋu, eye miawo wo dzi, elabena nyee nye Yehowa, si ko mia ŋu.


Eyata milé ŋku ɖe nye seawo ŋu, eye miawo wo dzi. Nyee nye Yehowa!


Mi wo nye ɖoɖoawo kple nye seawo dzi. Ne mielé ŋku ɖe wo ŋu, eye miewɔ wo dzi la, ekema mianɔ dedie le anyigba la dzi;


Azɔ Israel, se dodo kple se, siwo mele mia fia ge la, ne miawɔ wo dzi anɔ agbe, bena miade afima, eye miaxɔ anyigba, si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, le mia na ge la.


Kpɔ ɖa, mena ɖoɖo kple sewo mi, abe alesi Yehowa, nye Mawu, ɖe wo nam ene, bena miawɔ wo dzi le anyigba, si dzi va ge míala axɔe la dzi.


Eye wòdo lo hã na wo gblɔ bena: Amea ɖeke metsɔa avɔnuɖeɖi yeye kaa avɔ xoxo o; ke ne menye nenem o la, yeye la hã adze, eye yeye la ƒe nuɖeɖi mawɔ ɖeka kple xoxo la o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite