Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 19:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Megalé nɔviwò ɖe do me o, ke boŋ gbe nya nɛ, ne magana nahe nuvɔ̃ ava ɖokuiwò dzi o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 “ ‘Mègalé fu nɔviwò o. Ka mo na ame si wɔ nu vɔ̃. Ne ègbe mokaka nɛ la, wò hã èwɔ nu vɔ̃ abe eya ke ene.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 19:17
23 Referans Kwoze  

Amesi ke gblɔ bena, yele kekelia me, eye wòléa fu nɔvia la, egale viviti me kpakple egbe.


Mikpɔ mia ɖokui dzi! Ne nɔviwò wo nuvɔ̃ la, ka ŋku me nɛ; eye ne etrɔ le eƒe dzi me la, tsɔe kee.


Ke amesi ke léa fu nɔvia la, eya le viviti me, eye wòzɔa viviti me, eye menya afisi yim wòle o; elabena viviti la gbã eƒe ŋkuwo.


Nɔviwo, ne vodadaa ɖe ɖi ɖe amea ɖe hã la, mi amesiwo nye gbɔgbɔmemewo la, miɖɔ nenem me sia ɖo le dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ la me; eye na ɖokuiwò dzi kpɔm nyuie, bene woagate wò hã akpɔ o.


eye migade ha kple viviti me dɔwɔwɔ, siwo metsea ku o la o, ke mihe nya ɖe wo ŋu boŋ.


amesiwo nya Mawu ƒe nuɖoanyi dzɔdzɔe la kɔte bena, amesiwo wɔa nusiawo la, wodze ku; eye womewɔa nusiawo ɖeɖeko o, hafi boŋ wokpɔa dzidzɔ le amesiwo wɔne la hã ŋuti.


Megaka mo na fewuɖula, ne wòalé fu wò o, ka mo na nunyala boŋ, eye alo wò.


Gblɔ nusiawo, eye naxlɔ̃ nu, eye naka mo kple ŋusẽ katã! Megana amea ɖeke nado vlo wò o!


Ɖaseɖiɖi sia nye nyateƒe; le esia ta ka mo na wo vevie, bene woanɔ blibo le xɔse me,


Ɖe gbe ƒã nya la, nɔ edzi, vovoɣi li alo vovoɣi meli o, ka mo, gbe nya, xlɔ̃ nu le dzigbɔɖeanyi kple nufiafia katã me.


Megaɖo asi ame dzi kabakaba o, eye megakpɔ gome le ame bubuwo ƒe nuvɔ̃wo me o. Lé ɖokuiwò dzadzɛ.


Amesiwo wɔ nuvɔ̃ la, ka mo na wo le amewo katã ŋku me, bene mamleawo hã navɔ̃.


Eye miawo la mieɖo mia ɖokui ɖe dzi, eye miefa konyi boŋ, bene woaɖe amesi wɔ nusia la ɖa le mia dome o mahã?


Ne ame dzɔdzɔe ƒom la, lɔlɔ̃e; ne ehe to nam la, tamemi wònye, nye ta magbee o, nenye be, ele ewɔm atraɖi hã. Meɖoa gbe ɖa ɖe woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ŋu.


Ke Esau lé Yakob ɖe fu me le yayra, si fofoa tsɔ nɛ la ta, eye Esau ɖo ta me gblɔ bena: Ne fofonye aku, eye woanɔ fu nyim nɛ la, ekema mawu nɔvinye Yakob!


Ke Absalom megblɔ nya vɔ̃ alo nyuia ɖeke na Amnon o; elabena Absalom lé fu Amnon, le esi wogblẽ nɔvianyɔnu Tamar ta.


Tete meka mo na Yuda-bubumewo gblɔ na wo bena: Nu gbegblẽ ka nye esi wɔm miele hele kɔ gblẽm do na dzudzɔgbe la?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite