Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 19:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Megate hawòvi ɖe anyi o, eye megada adzoe o. Megana agbatedɔwɔla ƒe fetu natsi gbɔwò ŋu nake ɖe edzi o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 “ ‘Migaba ame aɖeke alo ate ame aɖeke ɖe to o. “ ‘Mikpɔ egbɔ be yewoxe fe na yewoƒe agbatedɔwɔlawo kaba. Ne fe aɖe li miaxe na agbatedɔwɔlawo la, migana fe ma natsi mia ŋuti ŋu nake ɖe edzi o.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 19:13
29 Referans Kwoze  

Kpɔ ɖa, dɔwɔla, siwo ŋe miaƒe agblemenuwo la ƒe fetu, si miegbe wo nana la, le ɣli dom, eye nuŋelawo ƒe ɣlidodoawo va Zebaot, Aƒetɔ la, ƒe towo me.


Maɖi ʋɔnu ɖe mia ŋu, eye manye ɖasefo zãzɛ ɖe dzotɔwo kple ahasitɔwo, atam dzodzro kalawo kple amesiwo ŋea fetu ɖe eme na dɔwɔlawo, ɖe amesiwo tea ahosiwo, tsyɔ̃eviwo kple amedzrowo ɖe anyi, eye wogbem vɔvɔ̃ la ŋufi; Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Baba na amesi le eƒe xɔ tum le madzɔmadzɔnyenye me, eye eƒe dziƒoxɔ le vɔ̃ɖinyenye me, amesi nana ehavi wɔa dɔ ne yaka, eye mexea eƒe dɔwɔfe nɛ o;


Nudakpe eve ƒomevl kple nudotree eve ƒomevi la, ŋunyɔ woa kple eve la siaa wonye bia Yehowa.


Enya seawo bena: „Megawɔ ahasi o. Megawu ame o. Megafi fi o. Megaɖi aʋatsoɖase o. Megaba ame o. Bu fofowò kple dawò.


Dukɔ hahoo la ɖua sesẽnu, eye wodaa adzo, esẽa ŋuta le ame dahewo kple hiãtɔwo ŋu, eɖua sesẽnu le amedzrowo si hedaa se la dzi.


Ale Yehowa gblɔ esi: Midrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe, eye miwɔ nu dzɔdzɔe, mixɔ amesi woda adzoe la, tso ŋutasẽla si me; migate amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ɖe anyi o, migawɔ funyafunyawo o, eye migakɔ ʋu maɖifɔ ɖe teƒe sia o.


Migate ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe anyi o.


Ne amea ɖe ble ɖetugbi, si ta womebia o, eye wòde asi eŋu la, ekema wòawɔ srɔ̃ɖenu nɛ, eye wòaɖee.


eye amea ɖeke nagaba nɔvia, eye wòatafae le dɔwɔwɔ me o; elabena Aƒetɔ lae nye nusiawo katã ƒe hlɔ̃biala, abe alesi miegblɔ tsã, eye míeɖi ɖase na mi la ene.


Eye wògblɔ na wo bena: Nusi ke woɖo na mi la, migaxɔ xɔɖedzi o.“


Megaɖa adzo ahetɔ le esi wòda ahe ta o, eye megate hiãtɔ de anyi kple afɔ le ʋɔnu o;


ne meɖu eme nu femaxemaxe, eye mene gbɔgbɔ ɖo le agbletɔ me la,


Nunɔla nado eƒe awu ʋlaya viawo, eye wòado agbotɛ ɣiawo ɖe eƒe ama; emegbe wòala afi, siwo numevɔsa ƒe dzo nyẽ la le vɔsamlekpui la dzi akɔ ɖe vɔsamlekpui la xa.


Ne amea ɖe ɣe lã le nɔvia si, eye nane wɔe, alo wòku, eye lã la tɔ mele eteƒe o la, ekema wòaɖo eteƒe.


Ke esi fiẽsi ɖo la, weinbɔtɔ la gblɔ na eƒe xɔnuvi bena: Yɔ dɔwɔlawo vɛ, eye nana fetu wo, eye nadze egɔme atso mlɔetɔwo dzi vaseɖe gbãtɔwo dzi.


Elabena ŋɔŋlɔ la gblɔ be: „Megabla nu na nyitsu, si le mɔli tugum la o,“ eye: „Dɔtsɔla dze eƒe fetu.“


Gake ne womekpɔ fiafi la o la, ekema woakplɔ aƒeatɔ ava Mawu ƒe ŋku me, be eya ŋutɔe ɖo asi nɔvia ƒe nua dzi loo, alo menye eya ŋutɔe o.


Amesi tsɔ xɔlɔ̃wo ɖe awɔba me la, viawo ƒe ŋkuwo atsi.


Ne ele asiwò la, megagblɔ na hawòvi be: „Heyi, ne nagava, etsɔ hã mana wò“ o!


mebaa ame o, egbugbɔa awɔbanu, si wòxɔ ɖe eƒe fe nu la nana, eye meɖua sesẽnu o, enaa eƒe abolo dɔwuitɔwo, eye wòtaa avɔ na amesiwo tsi ƒeƒle,


Woxɔa zãnu le mewo, ne wòakɔ ʋu ɖi, eɖia kasa, eye nexɔa deme, ẽɖua sesẽnu le nɔviwò si, eye wò ŋku dzona le dzinye. Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Ne èdzra nu na nɔviwò, alo nèƒle nu le noviwò si la, ekema migatafa mia nɔewo o.


Migatafa mia nɔewo o, ke boŋ navɔ̃ wò Mawu la; elabena nyee nye Yehowa, mia Mawu.


Alesi kluvi ƒe ŋku blãna ɖe vɔvɔli ŋu, eye alesi agbaledɔwɔla nɔa eƒe fetu dzɔmee la,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite