Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 19:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Migaka aʋatso yɔ nye ŋkɔ ta nui o, bena nagaƒo ɖi wò Mawu ƒe ŋkɔ o. Nyee nye Yehowa!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 “ ‘Migatsɔ nye ŋkɔ aka atam ɖe aʋatsonya aɖeke dzi, eye miato nu sia wɔwɔ me aƒo fi ade nye ŋkɔ o, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 19:12
19 Referans Kwoze  

Megayɔ Yehowa, wo Mawu, ƒe ŋkɔ yakayaka o, elabena Yehowa magbe tohehe na amesi yɔa eƒe ŋkɔ dzodzro la o.


Megayɔ Yehowa, wò Mawu, ƒe ŋkɔ yakatsyɔ o, elabena Yehowa magbe tohehe na amesi yɔ eƒe ŋkɔ yakatsyɔ la o.


Megatsɔ viwò sa vɔe na Molex o, bena nagaƒo ɖi Yehowa, wò Mawu ƒe ŋkɔ o. Nyee nye Yehowa.


Ke wu wo katã la, nɔvinyewo, migatà nu o, eɖanye dziƒo alo anyigba alo nutàta bubua ɖeke o; ke miaƒe ẽ nanye ẽ, eye miaƒe o nanye o, ne miagadze ʋɔnudɔdrɔ̃ me o.


Nunɔla nado eƒe awu ʋlaya viawo, eye wòado agbotɛ ɣiawo ɖe eƒe ama; emegbe wòala afi, siwo numevɔsa ƒe dzo nyẽ la le vɔsamlekpui la dzi akɔ ɖe vɔsamlekpui la xa.


Eye Israel-nyɔnu la ƒe viŋutsu la ƒo ti de ŋkɔ kɔkɔe la, eye wòdo ɖiŋu nɛ; tete wokplɔe va Mose gbɔe. Dada ŋkɔ nye Selomit, amesi nye Dibri vinyɔnu, tso Dan-to la me.


Maɖi ʋɔnu ɖe mia ŋu, eye manye ɖasefo zãzɛ ɖe dzotɔwo kple ahasitɔwo, atam dzodzro kalawo kple amesiwo ŋea fetu ɖe eme na dɔwɔlawo, ɖe amesiwo tea ahosiwo, tsyɔ̃eviwo kple amedzrowo ɖe anyi, eye wogbem vɔvɔ̃ la ŋufi; Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Nyee ɖoe ɖa, be wòayi fiafitɔ kple atam dzodzro kala ƒe me le nye ŋkɔ me, eye wòatsi eƒe xɔ me afiã eƒe xɔtlwo kple kpewo.


Eye ne èta Yehowa ƒe agbe le nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye me, eye ɖe eteƒe la, ekema dukɔwo atso wò ayra wo ɖokui, eye woatso wò aƒo adegbee!


amesi ƒe ŋku me ame vɔ̃ɖi meɖia naneke le o, ke ebua amesiwo vɔ̃a Yehowa la; amesi ka atam, si me eya ŋutɔ ƒe gbegblẽ tsona, ke megatrɔnɛ o;


Nuka? Miele fifim, le ame wum, le ahasi wɔm, le atam dzodzro kam, eye miedo dzudzɔ na mawu tutɔ, siwo mienya o tso,


Emegbe miegatrɔ, eye miegblẽ ko ɖo na nye ŋkɔ, mia dome amesiame gakplɔ eƒe kluvi kple kosivi, siwo ŋu miede asi le, abe alesi wodi ene la vɛ, eye miezi wo dzi, be woanye kluviwo kple kosiviwo na mi.


Eye wògblɔ nam hena: Esia nye fiƒode, si le anyigba blibo la dzi yim; elabena fiafitɔwo katã tsi tomahemahe, eye atam dzodzro kalawo katã tsi tomahemahe.


Maɖe ŋku atɔ ame la, eye matsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome, elabena etsɔ via na Molex, bena wòado ŋunyɔ nye kɔkɔeƒe la, eye wòaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la.


Misee, Yakob ƒe aƒe, mi amesiwo tso Israel ƒe ŋkɔ, eye miedzɔ tso Yuda ƒe tsidzɔƒewo, mi amesiwo taa Yehowa ƒe ŋkɔ, eye miekafua Israel ƒe Mawu la, ke menye le nya teƒe kple dzɔdzɔenyenye me o.


Esi wole gbɔgblɔm be, yewota Yehowa ƒe agbe hã la, alakpa dzie wole nu tam ɖo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite