Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 19:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Migafi fi o, migasẽ nu o, eye amea ɖeke megable nɔvia o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 “ ‘Migafi fi o. “ ‘Migada alakpa o. “ ‘Ame aɖeke megaba nɔvia o.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 19:11
28 Referans Kwoze  

migaka aʋatso na mia nɔewo o; elabena mieɖe ame xoxoa kple eƒe nuwɔnawo ɖa,


Eyaŋuti miɖe aʋatsokaka ɖi, eye amesiame nagblɔ nyateƒe na ehavi; elabena ŋutinuwo míenye na mía nɔewo.


Amesi daa alakpa le, manɔ aƒenye me o, eye amesi kaa aʋatso la, mali de ŋkunye me o.


Gbeɖe! Hafi nenɔ ale: Mawu nye nyateƒetɔ, ke amesiame aʋatsokalae, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Bene woatso afia na wò le wò nyawo me, eye bene naɖu dzi, ne wodrɔ̃ ʋɔnu wò.“


Nya siawo Yehowa gblɔ kple gbe sesẽ tso to la dzi na miaƒe ameha blibo la le dzo, alilikpo kple viviti me, eye megagblɔ ɖeke kpe ɖe wo ŋu o, eye wòŋlɔ wo ɖe kpe eve dzi hetsɔ nam.


Ke vɔvɔ̃nɔtɔwo kple dzimaxɔsetɔwo kple fewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple matrewɔlawo kple afakalawo kple trɔ̃subɔlawo kple aʋatsokalawo katã la woakpɔ wo tɔ gome le ta, si le bibim kple dzo kpakple dzokpe la me Esia enye ku evelia.


kple ahasiwɔlawo kple amesiwo dɔna kple ŋutsuviwo kple amesiawo kple aʋatsokalawo kple atam dzodzro kalawo, eye ne nu bubua ɖe li, si tsi tre ɖe nufiafia, si le blibo la ŋuti


Fiafitɔ la nagafi fi o, ke boŋ nedze agbagba, ne woatso eƒe asiwo awɔ dɔ nyui, bene wòakpɔ nane aɖana hiãtɔwo.


Elabena wo katã wonye amebalawo tso ɖeviwo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi; wo katã wonye alakpatɔwo tso nyagblɔɖilawo dzi vaseɖe nunɔlawo dzi.


Esime dzi ɖe le ƒonye la, megblɔ be: Amegbetɔwo katã nye alakpadalawo


Gake ne womekpɔ fiafi la o la, ekema woakplɔ aƒeatɔ ava Mawu ƒe ŋku me, be eya ŋutɔe ɖo asi nɔvia ƒe nua dzi loo, alo menye eya ŋutɔe o.


Ne wole fiafitɔa ɖe le fi dzi, eye wo ƒoe woku la, ekema hlɔ̃a ɖeke mele me o.


Megabiã ŋu ɖe hawòvi ƒe aƒe dzi o. Megabiã ŋu ɖe hawòvi srɔ̃, eƒe dɔlaŋutsu alo eƒe dɔlanyɔnu, eƒe nyi alo eƒe tedzi, alo nusianu, si nye hawòvi to la ƒe ɖeke dzi o.


Eɖo ŋu nɛ bena: Nye hã nyagblɔɖila menye abe wò ke ene, eye mawudɔla ƒo nu kplim le Yehowa ƒe nya nu gblɔ bena: Yi ɖagbugbɔe, eye mia kplii miayi aƒewò me, ne wòaɖu abolo, eye wòano tsi! Ke alakpae wòda nɛ.


Megaɖi aʋatsoɖase le hawòvi ŋuti o.


Megasa sakpli o. Wò nu meganɔ ŋutasẽla ƒe nya me, be nazu aʋatsoɖaseɖila o.


Megaxa wò weingblemenuwo ƒiaƒiaƒia o, eye megafɔ tsetse, siwo dudu ɖe anyi hã o: ke boŋ gblẽ wo ɖi na ame dahewo kple amedzrowo. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!


Eye Absalom ƒe dɔlawo va nyɔnu la gbɔ le aƒea me hebia bena: Afika Aximaaz kple Yonatan wole? Nyɔnu la ɖo ŋu na wo bena: Woyi to la godo. Eye esi wodi wo, eye womekpɔ wo o la, wogbugbɔ va Yerusalem.


Meganye ɖasefo de nɔviwò ŋu dzodzro o, eye megatsɔ wò nuyiwo da alakpae o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite