Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 18:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Megaɖe asi nɔviwònyɔnu, fofowò vinyɔnu alo dawò vinyɔnu, si wodzi ɖe aƒe alo ɖe afi bubu la ŋu o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 “ ‘Gawu la, mekpɔ mɔ aɖe nɔvia nyɔnu, dadaa ƒe vinyɔnu alo fofoa ƒe vinyɔnu ne wodzi wo le aƒe ɖeka me loo alo le teƒe bubuwo o.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 18:9
6 Referans Kwoze  

Ne amea ɖe ɖe nɔvianyɔnu, si nye fofo via alo dada via, eye wòkpɔ eƒe ama, eye nyɔnu la hã kpɔ eƒe ama la, ekema ŋukpenanu wònye, eye woatsrɔ̃ wo le woƒe dukɔ me viwo dome, elabena eɖe nɔvianyɔnu ƒe ama ɖe go, eye fɔɖiɖi la le edzi.


Amesiame wɔa ŋunyɔnu ɖe ehavi srɔ̃ ŋu, amesiame wɔa ŋukpenanu kple eƒe tɔyɔvinyɔnu hedoa gu eɖokui, eye amesiame dea asi nɔvianyɔnu, si nye fofoa ƒe vinyɔnu la ŋu.


Amesi ɖe asi nɔvianyɔnu, si nye fofoa alo dadavia ŋu la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!


Megaɖe asi fofowò srɔ̃ ƒe vinyɔnu ŋu o, elabena wò ŋutɔ fofowòe dzii, eye nɔviwònyɔnu hãe wònye.


Megaɖe asi viwòŋutsu ƒe vinyɔnu alo viwònyɔnu ƒe vinyɔnu ŋu o, elabena wò ŋutɔ wò ama wònye.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite