Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 18:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Miwɔ nye sewo dzi, eye milé ŋku ɖe nye ɖoɖowo ŋu, ne miawo wo dzi. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Ele be miawɔ nye sewo dzi, eye miakpɔ egbɔ be yewozɔ ɖe nye ɖoɖowo nu. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 18:4
15 Referans Kwoze  

Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Nyee nye Yehowa, mia Mawu.


Miawoe nye xɔ̃nyewo, ne miewɔa nusiwo ƒe se mede na mi.


Maɖe nye gbɔgbɔ mia me, eye mana be, miazɔ ɖe nye ɖoɖowo kple nye sewo nu, ne mialé wo me ɖe asi ahawɔ wo dzi.


Nye Yehowa, ye nye mia Mawu, mizɔ ɖe nye ɖoɖowo nu, eye milé nye sewo me ɖe asi, ne miawɔ wo dzi;


Edo wò sededewo di, ne woalé wo me ɖe asi pɛpɛpɛ. Oo, ɖe ŋusẽ anɔ nye azɔlime ŋu, be malé ŋku ɖe wò ɖoɖowo ŋu!


Esia nye se kple ɖoɖo kpakple kɔnu, siwo Yehowa, mia Mawu gblɔ, bena woafia mi, ne miawɔ wo dzi le anyigba, si dzi yim miele, bena míaxɔe wòanye mia tɔ la dzi,


Eyata milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo katã kple nye seawo katã ŋu, bena anyigba, si dzi mekplɔ mi yinae, be miana edzi la, nagatu mi aƒu gbe o.


Eyata milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo katã kple nye seawo katã ŋu, eye miawɔ wo dzi. Nyee nye Yehowa!


Milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo kple seawo ŋu, eye migawɔ ŋunyɔnu siawo dometɔa ɖeke o, eɖanye duamevi alo amedzrovi, si le mia dome la o;


Eye woa kple eve la katã wonye ame dzɔdzɔewo le Mawu ƒe ŋku me, eye wozɔna le Aƒetɔ la ƒe seawo kple eƒe ɖoɖoa wo katã nu mo makamakae.


Nye dɔla Dawid anye fia ɖe wo nu, eye kplɔla ɖeka ana wo katã si, woazɔ ɖe nye sewo nu, eye woalé nye ɖoɖowo me ɖe asi ahawɔ wo dzi.


ne woalé ŋku ɖe eƒe ɖoɖowo ŋu, eye woalé eƒe sewo me ɖe asi. Mikafu Yehowa!


Eyata milé ŋku ɖe nye ɖoɖowo kple sewo ŋu, elabena woana amesi woa wo dzi la, nanɔ agbe. Nyee nye Yehowa.


Milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo ŋu. Megana wò lã ƒomevi vovovowo natsaka ayɔ asi wo nɔewo o; megaƒã nuku ƒomevi vovovowo ɖe wò agble me o, eye megata avɔ, si wotsɔ lãfu kple ɖeti tsaka lɔ̃e la o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite