Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 18:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 eye woƒe anyigba gblẽ; eyata maɖo woƒe vodadawo teƒe na wo, eye anyigba la atu edzinɔlawo aƒu gbe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

25 Woƒo ɖi anyigba blibo la kple nuwɔna siawo, eya ta mele to hem na ame siwo le afi ma, eye anyigba la atu edzinɔlawo aƒu gbe.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 18:25
25 Referans Kwoze  

ne anyigba la nagatu miawo hã aƒu gbe, le esi miegblẽe ta, abe alesi wòtu dukɔ, si nɔ mia ŋgɔ la, ƒu gbe ene o.


Eye mekplɔ mi va anyigba wɔnu dzi, be miaɖu eƒe kutsetsewo kple eƒe nu nyuiwo; ke miawo mieva hedo gu nye anyigba la, eye mietsɔ nye domenyinu la wɔ ŋunyɔnui.


Maɖafa avi le towo dzi, maxa nu, eye mato konyifaha le gbegbe ƒe lãnyiƒe, elabena wogblẽ ale be amegbetɔa ɖeke megato wo dzi yi o, eye womegase lãhawo ƒe xɔxlɔ̃ o; dziƒoxewo kple lãwo ʋu dzo.


Wokɔ nu maɖifɔ ɖi, si nye woƒe ŋutsuvi kple woƒe nyɔnuvi, siwo wotsɔ sa vɔ na Kanaan-legbawo la, ƒe ʋu, ale be wotsɔ hlɔ̃dodo gblẽ kɔ ɖo na anyigba la.


Eye matsi eƒe dzidzɔkpɔkpɔwo katã, ŋkekenyuiewo, dzinu yeyewo, dzudzɔgbewo kple takpegbewo katã nu.


Eyata ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ ɖe lãkplɔvi, siwo le nye dukɔa kplɔm la ŋu enye si: Miekaka nye alẽwo, mienyã wo ɖe gbe, eye miedi wo yome mɔ o, eyata mahe to na mi le miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiawo ta; Yehowa ye gblɔe!


Gbagbiãgba la maxe woƒe vodadawo kple woƒe nuvɔ̃wo ŋu fe na wo zigbɔ zi eve, elabena wotso woƒe nu makɔmakɔwo ƒe kukuwo gblẽ kɔ ɖo na nye anyigba, eye wotso woƒe ŋunyɔnuwo yɔ nye domenyinu la dzi fũ.


Ale Yehowa gblɔ na dukɔ sia enye si: Tsa glãla tsatsa nyo wo ŋu, eye womexe mɔ na woƒe afɔwo o, eyata woƒe nu menyo Yehowa ŋu o ɖo; azɔ aɖo ŋu woƒe vodadawo, eye wòahe to le woƒe nuvowo ta.


Yehowa be: Ɖe nyemahe to le esia ta, eye ɖe nye luʋɔ mabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbe oa?


Yehowa be: Ɖe nyemahe to le esia ta, eye ɖe nye luʋɔ mabia hlɔ̃ dukɔ sia tɔgbe oa?


Elabena Yehowa ado tso enɔƒe, ne wòaxe anyigbadzitɔwo ƒe vodada ŋu fe na wo, anyigba aklo nu le eƒe ʋu dzi, eye magatsyɔ nu amesiwo wowu ɖe edzi la dzi o.


Amesiame, si le nusia wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa, elabena ŋunyɔnu siawo la Yehowa, wò Mawu, le wo nyã ge le ŋgɔwò ɖo.


Elabena mienyae bena, nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem, eye fu le eɖum vaseɖe fifi.


Wogbẽ wòtso me abe le Gibea ŋɔli ene; ado ŋu woƒe vodadawo, eye wòahe to le woƒe nuvɔ̃wo ta.


Wogblẽ kɔ ɖo na anyigba to edzi nɔlawo dzi, elabena woda seawo dzi, wòto vo ɖe ɖoɖoawo ŋu, eye wotu nubabla mavɔ la.


ne wogblẽ kɔ do na nye ɖoɖowo, eye womewɔ nye sewo dzi o la,


Menye esi nènye ame dzɔdzɔe, eye wò dzime kɔ ta nèyina woƒe anyigba xɔ ge wòanye tɔwo ɖo o, ke boŋ dukɔ sia ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta Yehowa, wò Mawu, nyã wo ɖa le ŋgɔwò, bena wòawɔ atam, si wòka na fofowòwo Abraham, Isak kple Yakob la dzi.


Wowu nye vɔsalãwo, ne woaɖu lã; woƒe nu medze Yehowa ŋu o Azɔ aɖo ŋu woƒe voɖaɖawo, ahe to na wo le woƒe nuvɔ̃wo ta, eye woagagbugbɔ ayi Egipte.


Milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo kple seawo ŋu, eye migawɔ ŋunyɔnu siawo dometɔa ɖeke o, eɖanye duamevi alo amedzrovi, si le mia dome la o;


ekema megagblẽ eƒe kukua ɖi ŋu nake ɖe edzi o, ke boŋ naɖu gbemagbe ke, elabena Mawu ƒo fi ɖe amesi wode kae ɖe ati ŋu la, eye megagblẽ ko ɖo na anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu la o.


Eye wòwɔ ŋunyɔnu geɖe hesubɔ legbawo abe Amoritɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋgɔ la, pɛpɛpɛ ene.


se, siwo neɖe to wò dɔla nyagblɔɖilawo dzi gblɔ bena: Anyigba, si dzi mieva, be miaxɔe woanye mia tɔ la, anyigba makɔmakɔ wònye to anyigba dzi dukɔwo ƒe nu makɔmakɔ wɔwɔ me, elabena wotsɔ woƒe ŋunyɔnuwo kple woƒe nu makɔmakɔwo na wòyɔ tso go ɖeka yaseɖe go keme


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite