Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 16:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Nusiwo Aron natsɔ ava kɔkɔeƒe la, wonye: Nyitsu ɖagbee ɖeka woawɔ nuvɔ̃vɔsae kple agbo ɖeka woawɔ numevɔsae.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 “Aron age ɖe Kɔkɔeƒe la me ale: atsɔ nyitsuvi ɖe asi hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo hena numevɔsa.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 16:3
13 Referans Kwoze  

Ne nunɔla, si wòsi ami na, da vo hehe vɔ̃ va dukɔ la dzi la, ekema woatsɔ nyitsu ɖagbea ɖe, si so blibo asa nuvɔ̃ŋutivɔ na Yehowa ɖe nuvɔ̃, si wòwɔ la ta.


Ke agbadɔ evelia la, nunɔlagã la koe dea eme, ƒe ɖeka zi ɖeka, eye meɖena ʋu, si woatsɔ ana ɖe ye ŋutɔ kple dukɔ la ƒe numanyamanya ta la, matsɔmatsɔe o;


Eyome wòhe numevɔsagbo la vɛ, eye Aron kple viaŋutsuwo tso woƒe asi ɖo agbo la ƒe tame.


Nenye alẽ alo gbɔ̃ wòbe, yeatsɔ amè numevɔsae la, ekema woatso atsu, si so blibo, asa vɔ lae.


eye metsɔ gbɔ̃tsu wo kple nyiviwo ƒe ʋu hã o, ke boŋ ye ŋutɔ ƒe ʋu wòtsɔ yi ɖe kɔkɔeƒe la me zi ɖeka hɔ̃ ko ɖe ɣeyiɣiawo kalẽ nu, eye wòtsɔ xɔxɔ mavɔ vɛ.


Eye nagblɔ na Israel-viwo bena: Milé gbɔ̃tsu woawo nuvɔ̃vɔsae, nyivi kple alẽvi, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, eye wosɔ blibo la, woawo numevɔsae,


Eye wòna wohe nuvɔ̃vɔsanyitsu la ve, eye Aron kple viaŋutsuawo tsa woƒe asiwò ɖo nuvɔ̃vɔsanyitsua ƒe tame.


Nenye nyi wotso be, yeame numevɔsae la, ekema wòanye atsu, si so blibo, eye wòakplɔe ava Mawu ƒe agbadɔ la nu, be ame la nadze Yehowa ŋu.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena:


Emegbe Aron natsɔ eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃vɔsanyitsu la alé avu na eya ŋutɔ kple eƒe aƒe.


eye wògblɔ na Aron bena: Lé nyitsuvi woawo nuvɔ̃vɔsae kple agbo woawɔ numevɔsa; woa kple eve la nasɔ blibo, eye nakplɔ wo ava Yehowa ƒe ŋku me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite