Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 16:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Amesi kplɔ gbɔ̃tsu la ɖo ɖe Asasel gbɔ la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, emegbe hafi wòkpɔ mɔ ava asaɖa la me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 “Ame si kplɔ gbɔ̃tsu la yi na Azazel le gbedzi la, agbɔ ava nya eƒe awuwo, ale tsi, eye wòayi asaɖa la me.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 16:26
19 Referans Kwoze  

— elabena se la mewɔa naneke blibo o, — eye wotsɔa mɔkpɔkpɔ, si nyo wu sã la vɛ, esi me miato ale ɖe Mawu ŋuti.


Ke wòatsɔ gbɔ̃tsu, si dzi Asasel ƒe dzidze dze la, ado Yehowa ŋku me agbagbe, eye wòaɖe nuvɔ̃ atrɔ ɖe edzi anyae aɖo ɖe Asasel gbɔ le gbedzi.


Ɖoɖo mavɔ wòanye na mi. Amesi wu ameŋukɔtsia la, nanyã eƒe avɔwo, eye ne amea ɖe de asi ameŋukɔtsia ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Amesi tɔ dzo wo la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, emegbe hafi wòkpɔ mɔ ava asaɖa la me.


Amesiame, si ɖe asi nusiawo ŋu la, eŋu mekɔ o, wòanya eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Eye amesi ŋu kɔm wole la, nanyã eƒe avɔwo, alũ eƒe dawo keŋ, eye wòale tsi, ekema eŋu kɔ. Emegbe ekpɔ mo ayi asaɖa la me, gake woatsi eƒe agbadɔ nu ŋkeke adre sɔŋ.


Amesiame, si atso wo dometɔa ɖe ƒe kukua la, nanyã eƒe avɔwo, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Amesi ɖu kukua la, nanyã eƒe avɔwo, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ; amesi tsɔ kukua la, nanyã eƒe avɔwo, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Eye Aron nadzidze nu ɖe gbɔ̃tsu eveawo dzi, dzidze ɖeka nadze Yehowa dzi, eye dzidze ɖeka nadze Asasel dzi.


Eye wòatɔ dzo nuvɔ̃vɔsalã ƒe amiwo le vɔsamlekpui la dzi.


Esiawo nye nusiwo miatsɔ agblẽ ka ɖo na mia ɖokui. Amesiame, si de asi woƒe kukua ŋu la, eŋu meka o vaseɖe fiẽ.


Lã, siwo katã fe li na, eye wozɔa afɔ enee dzi la, lã makɔmakɔwo woanye na mi, amesiame, si aka asi woƒe kukua ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Eye amesi atsɔ woƒe kuku la, nanyã eƒe avɔwo, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ; elabena lã makɔmakɔwo wonye na mi.


Esiawo nye lã makɔmakɔwo na mi le lã suewo katã dome; amesi ade asi woƒe kukua ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Nusianu, si dzi woƒe kukua ge dze la, ŋu mekɔ o, eɖanye atinuwo, avɔ, lãgbalẽ, kotoku alo nusianu, si ŋu dɔ wowɔna o, ele be, woade wo tsi me, eye wo ŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ; emegbe hafi wo ŋu agakɔ.


Ne lã, siwo mieɖuna la, dometɔa ɖe ku, eye amea ɖe de asi kukua ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite