Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 16:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Eye wòale tsi le teƒe kɔkɔe la, aɖo eƒe awuwo, eye wòado go amè eya ŋutɔ ƒe numevɔsa kple dukɔ la ƒe numevɔsa, eye wòalé avu na eya ŋutɔ kple dukɔ la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 Esia megbe la, ale tsi le teƒe kɔkɔe aɖe, agado awuawo, ayi aɖasa eya ŋutɔ ƒe numevɔ kple ameawo ƒe numevɔ, eye wòalé avu ɖe eya ŋutɔ kple ameawo ta.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 16:24
14 Referans Kwoze  

nusiawo katã hekpe ɖe nuɖuɖuwo kple nunonowo kpakple tsilele bubu ƒomeviwo ŋuti la wonye ŋutilã me nuɖoanyiwo ɖeɖeko, siwo woɖo ɖi vaseɖe ɖɔɖɔɖoɣi la dzi.


amesi ka asi nusiawo ƒe ɖe ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ, eye maɖu nunana kɔkɔe la ƒe ɖeke o, negbe ɖeko wòale tsi hafi.


Le ŋkeke adreagbe la wòalũ eƒe ɖawo keŋ; alũ ta, ge kple adzugo, gɔglɔ̃gɔ wòalũ afisiafi, si fu nya le ko, anyẽ eƒe avawo, eye wòale tsi, ekema eŋu kɔ.


Eyome nalɔ̃ awutewui ʋlaya, alidziblanu kple tablanu na Aron viŋutsuwo, bena woade bubu wo ŋu, eye woaɖo atsyɔ̃ na wo.


Ɖo atsyɔ̃ na nɔviwò Aron kple viaŋutsuwo, eye nasi ami na wo, aɖo wo, eye nawɔ wo kɔkɔe, bena woanye nunɔlawo asubɔm.


Eye wòatɔ dzo nuvɔ̃vɔsalã ƒe amiwo le vɔsamlekpui la dzi.


Emegbe Mose gblɔ na Aron bena: Te ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye nasa wò nuvɔ̃vɔ kple wò numevɔ, bena nalé avu na ɖokuiwò kple dukɔ la; eyome nasa vɔ ɖe dukɔ la ta, be nalé avu na wo, abe alesi Yehowa de se ene.


Ne nunɔlawo ge ɖe kɔkɔeƒea me la, womado ayi xɔxɔnu kɔtoetɔ o, ke boŋ woaɖe woƒe awu, siwo wodo subɔ la, ɖe afima, elabena nu kɔkɔewo wonye, eye woaɖo awu bubuwo hafi ayi teƒe, si woɖo ɖi na dukɔ la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite