Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 16:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ekem woƒe vodadawo katã yi ɖe gbɔ̃tsu la dzi wotsa yi gbedadaƒoe, eye wòaɖe asi le gbɔ̃tsu la ŋu le gbedzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Ale gbɔ̃ la atsɔ ameawo ƒe nu vɔ̃wo katã ayi gbedadaƒo, eye ame la aɖe asi le gbɔ̃ la ŋu ɖe gbedadaƒo afi ma.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 16:22
13 Referans Kwoze  

Amesi tsɔ miaƒe nuvɔ̃wo ɖa ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi heyi ɖe atitsoga ŋu, bene mí amesiwo ku na nuvɔ̃wo la, míanɔ agbe hena dzɔdzɔenyenye; amesi ƒe kabiwo yɔ dɔ mi la.


nenema ke Kristo hã, esime wòtsɔ eɖokui na zi ɖeka, bena wòaɖe ame geɖewo ƒe nuvɔ̃wo ɖa la, aɖe eɖokui afia zi evelia, manye ɖe nuvɔ̃wo ta o, ke boŋ ɖe amesiwo le elalam la ƒe xɔxɔ ta.


Esi ŋu ke la, ekpa Yesu gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina la, enye si!


Kristo xe fe ɖe mia ta heɖe mí tso se la ƒe fiƒode la me, esi wòva zu fiƒode le mía ta; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Woƒo fi de amesiame, si wohe ɖe ati ŋu la,“


Agakpɔ nublanui na mi, àxɔ aɖi le miaƒe vodadawo si, eye wòatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo katã aƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe.


Alesi ɣedzeƒe didi tso ɣetodoƒe gbɔe la, nenema wòte mía dzidadawo da boo tso mía gbɔe.


Mewɔna na mi de míaƒe nuvɔ̃wo nu o, eye meɖoa eteƒe na mí ɖe míaƒe vodadawo nu o.


Womagaɖo ŋu eƒe dzi, siwo katã wòda la o, ke boŋ ana agbe le eƒe nu dzodzoe, siwo wòwɔna la ta.


Eye Aron natsɔ eƒe asiwo kple eve aɖo gbɔ̃tsu gbagbe la ƒe tame, eye wòaʋu Israel-viwo ƒe vodadawo, dzidadawo kple woƒe nuvɔ̃wo katã me akɔ ɖe gbɔ̃tsu la ƒe ta dzi, eye wòana ŋutsu, si le klalo la, nakplɔe aɖo ɖe gbedzi.


Emegbe Aron nayi ɖe Mawu ƒe agbadɔ la me, eye wòaɖe aklalawu, siwo wòdo, esime wòva kɔkɔeƒe la me yi ge la ɖi, eye wòagblẽ wo ɖe afima.


Mlɔ wò miamekpa dzi, eye natsɔ Israel ƒe aƒe la ƒe vodada aɖo ɖokuiwò dzi; ŋkeke alesi nèmlɔ anyi alea la, nenema nue natsɔ woƒe vodadawo ɖo.


awu ɖe anyidzela, si ŋu kɔm wole la ŋu, eye wòakɔ eŋu; ke wòaɖe asi le xevi gbagbe la ŋu aɖo ɖe gbe me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite