Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 16:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na nɔviwò Aron be, megayi ɖe kɔkɔeƒe la me le xɔmetsovɔ la godo le nutsyɔnu, si le aɖaka la dzi la ŋgɔ ɣesiaɣi, be wòagava ku o; elabena meɖea ɖokuinye fiana le alilikpo me le nutsyɔnu la dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na nɔviwò, Aron be megayi Kɔkɔeƒe la le xɔmetsovɔ la megbe le nutsyɔnu si le nubablaɖaka la ŋgɔ ɣe sia ɣi si dze eŋu o, ne menye nenema o la, aku, elabena medzena le lilikpo me le nutsyɔnu la tame.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 16:2
26 Referans Kwoze  

Eye Aron natsɔ nuvɔ̃ ŋuti vɔsalã, si enye avulénu la, ƒe ʋu aɖe nuvɔ̃ ɖa le eƒe dzowo ŋu zi ɖeka le ƒe ɖeka me. Zi ɖeka woaɖe nuvɔ̃ ɖa le eŋu le ƒe ɖeka me, eye wòanye ɖoɖo na miaƒe dzidzimeviwo; elabena nu kɔkɔetɔ wònye na Yehowa.


eye menye bena, wòatsɔ eɖokui ano nanam agbadre, abe alesi nunɔlagã tsɔa lãʋu yina ɖe kɔkɔeƒe la me ƒe sia ƒe ene o;


Eye kpo ɖa, mawuxɔmetsovɔ la dze ɖe eve tso tagba vaseɖe egɔme, eye anyigba ʋuʋu, eye kpe gbadzawo wo,


eye nunɔlawo mete ŋu nɔ te, be woasusɔ o, le alilikpoawo ta, elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ Mawu ƒe xɔ la.


Eye nunɔlawo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la va da ɖe eteƒe le megbexɔ, si nye kɔkɔeƒewo fe kɔkɔeƒe la me le Kerubiawo ƒe aʋalawo te.


Ke le xɔmetsovɔ evelia megbe la agbadɔ, si woyɔna be kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒe la li,


Mide megbe le ha sia ŋu, ne matsrɔ̃ wo zi ɖeka! Tete wotsyɔ mo anyi.


ke boŋ miwo ale na wo, bena ne wote ɖe nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔeawo ŋu la, ne womagaku o. Aron kple viaŋutsuawo nayi ɖe eme, eye woafia amesiame ƒe da kple eƒe agbae.


Ɣleti adrelia sia ƒe ŋkeke ewolia enye avulégbe, takpegbe kɔkɔe wònye na mi, míatsi nu adɔ, eye miasa dzovɔ na Yehowa.


Eye wòako dzudzɔdonua ɖe dzo la dzi le Yehowa ŋku me, eye ne dzudzɔdonu la ƒe dzudzɔ bia nutsyɔnu, si le nubablaɖakaa dzi la, ekema maku o.


Minɔ Mawu ƒe agbadɔ la nu ŋkeke adre sɔŋ zã kple keli, eye ŋkeke adre mialé ŋku ɖe Yehowa ƒe ɖoɖoawo ŋu, ne miagaku o, elabena nenema wòde se gblɔ.


eye mɔkpɔkpɔ ma le mía si abe luʋɔ ƒe seke, si li dedie, eye wòsesẽ, eye wòyina ɖe xɔmetsovɔ ƒe emelɔƒo la ene,


Ke le aɖaka dzi la ŋutikɔkɔe ƒe Kerubiwo li, siwo xe nutsyɔnu la dzi; nusiawo ŋuti nya míate ŋu agblɔ le wo tɔxɛ wo tɔxɛ fifia o.


Eye dzudzɔ, si tso Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple eƒe ŋusẽ gbɔ la, yɔ gbedoxɔ la me taŋ, eye amea ɖeke mete ŋu ge ɖe gbedoxɔ la me o, vaseɖe esime wowu mawudɔla adreawo ƒe fu wɔa me adreawo nu.


Ne ameha la le hoho ge la, ekema Aron kple viaŋutsuwo nayi ɖe eme, eye woaɖe xɔmetsovɔ la atsyɔ na aɖaka, si me se la le,


Eklã sederʋuƒowo ɖe megbexɔ, si didi abɔklugui blave la, hã me tso anyi me datɔ daɖedziawo. Alea wòwɔ megbexɔ, si nye kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒe la mee.


Esia nye ɖoɖo mavɔ na mi. Zi ɖeka ƒe ɖeka woalé avu na Israel-viwo katã le woƒe nuvɔ̃wo katã ta. Eye wòwɔ, abe alesi Yehowa ɖe se na Mose ene.


Ke mia kple viwòwo miawo nunɔladɔ la le vɔsamlekpui la gbɔ kple xɔmetsovɔ la godo. Ɖe metsɔ nunɔladɔ la na mi: ke ne ame tutɔa ɖe te va la, woawui.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite