Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 16:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 eye wòatsɔ sonu aɖe dzoka xɔxɔ le vɔsamlekpui la dzi le Yehowa ŋku me, eye woaku dzudzɔdonu, si wotsɔ atike ʋeʋẽe wɔe, eye wotoe memee la, asiʋlo eve ava xɔmetsovɔ la godo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 atsɔ dzoɖesonu, aɖe aka xɔxɔwo tso Yehowa ƒe vɔsamlekpui dzi ade eme, eye wòalɔ dzudzɔdonu si wotu memie la ƒe asiʋlo eve ayi xɔmetsovɔ la godo.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 16:12
13 Referans Kwoze  

Eye Aron viŋutsuawo Nadab kple Abihu, tsɔ woƒe dzudzɔdosonuwo ɖe dzo ɖe me, eye woda dzudzɔdonu ɖe wo dzi, eye wotsɔ dzo bubu, si ŋu meɖe mɔ le na wo o la, va Yehowa ƒe ŋku me.


Tete amesiame tsɔ eƒe dzudzɔdosonu ɖe dzo ɖe eme, eye wotsɔ dzudzɔdonu da ɖe edzi heva Mawu ƒe agbadɔ la nu; Mose kple Aron hã le eme.


ami sisi la kple atike ʋeʋẽe, siwo nye dzudzɔdonuwo hena kɔkɔeƒe la. Woawoe tututu, abe alesi mede se na wò ene.


geɖe aleke wu Kristo, amesi to Gbɔgbɔ mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu abe vɔsasa mokaka manɔŋutɔ ene la, ƒe ʋu maklɔ miaƒe dzitsinya tso dɔwɔwɔ kukuwo me, bena miasubɔ Mawu gbagbe la o mahã?


ke ne míele kekeli me zɔm, abe alesi eya ŋutɔ le kekeli me ene la, ekema míedo ƒome kple mía nɔewo, eye Via Yesu Kristo ƒe ʋu la klɔa nuvɔ̃ katã ɖa le mía ŋuti.


Eyome wòwɔ ami sisi kɔkɔe la, eye wòtsɔ atike ʋeʋẽewo wɔ dzudzɔdonu, si me dza; ewɔe, abe alesi ami ʋeʋẽe wɔlawo wɔne ene.


Ke agbadɔ evelia la, nunɔlagã la koe dea eme, ƒe ɖeka zi ɖeka, eye meɖena ʋu, si woatsɔ ana ɖe ye ŋutɔ kple dukɔ la ƒe numanyamanya ta la, matsɔmatsɔe o;


Eye mawudɔla la tsɔ dzudzɔdosonu la, eye wòɖe dzo le vɔsamlekpui la me hede eme tu, eye wòtsɔe ƒu gbe de anyigba, eye dziɖegbewo kple gbeɖiɖiwo kple dzikedzowo kple anyigbaʋuʋu va dzɔ.


Woawoe fiaa wò ɖoɖowo Yakob kple wò se la Israel; woawoe tsɔa dzudzɔdonu ɖoa wò ŋɔti nu, eye wotsɔa vɔsa blibo ɖoa wò vɔsamlekpui la dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite