Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 15:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Amesi ka asi eƒe aba ŋu la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu meka o vaseɖe fiẽ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 eya ta ame si ka asi ŋutsu la ƒe abati ŋu hã ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ; ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, eye wòale tsi.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 15:5
31 Referans Kwoze  

Amesiame, si atso wo dometɔa ɖe ƒe kukua la, nanyã eƒe avɔwo, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Ne duamevi alo amedzrovia ɖe ɖu lã kuku alo lã, si nu lé la, ekema wòanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ; emegbe eŋu kɔ.


Amesi kplɔ gbɔ̃tsu la ɖo ɖe Asasel gbɔ la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, emegbe hafi wòkpɔ mɔ ava asaɖa la me.


Eye megblɔ nɛ bena: Nye aƒetɔ, wòe nyae! Eye wògblɔ nam bena: Amesiawo nye amesiwo ɖo go tso xaxa gã la me, eye wonyã woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me.


Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu. Miklɔ miaƒe asiwo, mi nuvɔ̃wɔlawo, eye miwɔ miaƒe dziwo kɔkɔe, mi dzimevesusulawo!


mina miatsɔ dzi nyateƒetɔ ate va le xɔse ƒe kakaɖedzi blibo me, abe amesiwo wòklɔ dzitsinya vɔ̃ ɖa tso woƒe dziwo me, eye wotsɔ tsi zɔzrɔ̃e le na woƒe ŋutilã ene;


ɖe wònye nenema wòle la, ekem ele nɛ be, wòakpe fu agbadre tso xexeme ƒe gɔmedzedzea me ke; gake azɔ la eɖe eɖokui fia zi ɖeka le xexeame ƒe nuwuwu, bena wòaɖe nuvɔ̃wo ɖa to eɖokuitsɔtsɔ savɔe me.


geɖe aleke wu Kristo, amesi to Gbɔgbɔ mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu abe vɔsasa mokaka manɔŋutɔ ene la, ƒe ʋu maklɔ miaƒe dzitsinya tso dɔwɔwɔ kukuwo me, bena miasubɔ Mawu gbagbe la o mahã?


Maɖe mi atso miaƒe nu makɔmakɔwo katã me; mayɔ bli vɛ, mana wòasɔ gbɔ, eye nyemahe dɔwuame ava mia dzi o.


Mahlẽ tsi dzadzɛ ɖe mia ŋu, ne miaƒe nu makɔmakɔwo katã naɖi le mia ŋu, eye maklɔ miaƒe legbawo katã da le mia ŋu.


Ke Yehowa Zebaot gblɔ ɖe to me nam be: Womatsɔ vodada sia ake mi akpɔ o, vaseɖe esime miaku! Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, ye gblɔe!


Mile tsi, miklɔ mia ɖokui ŋu! Miɖe miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo ɖa le ŋkunye me, eye midzudzɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ!


Kpɔ ɖa, voɖaɖa me wodzim ɖo, eye nuvɔ̃ me danye fɔ nye fu ɖo!


esime wode Batseba gbɔ, eye nyagblɔɖila Natan va egbɔ.


Meklɔ nye asi fɔmaɖitɔe, eye maƒo xlã wò vɔsamlekpui, Yehowa,


Ne amesi ŋu mekɔ o, de asi nua ɖe ŋu la, eŋu mekɔ o, eye ne amea ɖe ɖe asi amea ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Amesi la nyinɔ ƒe afia la, nanyã eƒe avɔwo, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ. Ɖoɖo mavɔ wòanye na Israel-viwo kple amedzro, si le wo dome la.


Amesi tɔ dzo wo la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, emegbe hafi wòkpɔ mɔ ava asaɖa la me.


Eye nunɔla la natsɔ eƒe asibide ahlẽ ami, si le eƒe miãsi me la, ƒe ɖe zi adre le Yehowa ŋku me.


Eye ne nunɔla la kpɔ ame la le ŋkeke adreagbe, aklabi la melolo ɖe dzi o, eye eteƒe menyẽ ɖe me hã o la, ekema nunɔla la nabui amesi ŋu kɔe, eye wòanya eƒe avɔwo, ekema eŋu kɔ.


Ne nunɔla la gakpɔe ɖa le ŋkeke adreagbe, eye nu la teƒe lé akpa, eye mekaka ɖe eƒe ŋutigbalẽ me o la, ekema nunɔla nabui amesi ŋu ko; elabena dzi ko wònye, eye ame la nanyã eƒe avɔwo, ekema eŋu ko.


Nusianu, si dzi woƒe kukua ge dze la, ŋu mekɔ o, eɖanye atinuwo, avɔ, lãgbalẽ, kotoku alo nusianu, si ŋu dɔ wowɔna o, ele be, woade wo tsi me, eye wo ŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ; emegbe hafi wo ŋu agakɔ.


Eye amesi atsɔ woƒe kuku la, nanyã eƒe avɔwo, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ; elabena lã makɔmakɔwo wonye na mi.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Yi dukɔ la gbɔ, eye nana be, woadzra wo ɖokui ɖo dzadzɛ egbe kple etsɔ, eye wòanya woƒe avɔwo,


Aba sia aba, si dzi afuɖɔla mia la, eŋu mekɔ o, eye nusianu, si dzi wònɔ la, ŋu mekɔ o.


Amesi no nusi dzi afuɖɔla no la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu meka o vaseɖe fiẽ,


Ke Saul megblɔ nyaa ɖeke gbemagbe o, elabena ebu be, nanee dzɔ ɖe edzi, ale be eŋu manya kɔ o; eŋutie mekɔ o kokoko.


Esiawo nye nusiwo miatsɔ agblẽ ka ɖo na mia ɖokui. Amesiame, si de asi woƒe kukua ŋu la, eŋu meka o vaseɖe fiẽ.


Ne ŋutsua mlɔ nyɔnua ɖe gbã, hafi nyẽ tsia la, ekema woa kple eve la nale tsi, eye wo ŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite