Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 15:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Ŋkeke alesi ʋu le dodom le eŋu, eye wòmlɔ abaa ɖe dzi la, ekema aba la le abe eƒe dzinukpɔtɔ ene, eye nusianu, si dzi wònɔ la, ŋu mekɔ o, eye wòle abe eƒe dzinukpɔtɔ ke ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Esia fia be nu sia nu si dzi wòamlɔ le ɣeyiɣi ma me la ŋu makɔ o, abe ale si wòanɔ le eƒe gbɔtotsitsi ŋutɔ me ene. Nenema ke nu sia nu si dzi wòanɔ hã ŋu mekɔ o.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 15:26
3 Referans Kwoze  

Gblɔ na Israel-viwo be: Ne nyɔnua ɖe fo fu, eye wòdzi ŋutsuvi la, ekema eŋu mekɔ o ŋkeke adre, abe ŋkeke alesi wokpɔa dzinui ene.


Ne nyɔnua ɖe mekpɔ dzinu, hafi ʋu le dodom le eŋu o, alo eƒe dzinukpɔŋkekewo de, hafi ʋua gale dodom ko la, ekema ŋkeke alesi ʋu le dodom le eŋu la, eŋu mekɔ o.


Amesiame, si ɖe asi nusiawo ŋu la, eŋu mekɔ o, wòanya eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite