Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 15:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ne ŋutsua mlɔ nyɔnua ɖe gbã, hafi nyẽ tsia la, ekema woa kple eve la nale tsi, eye wo ŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Ne ŋutsu aɖe dɔ nyɔnu aɖe gbɔ la, ele be wo ame eve la nale tsi, eye wo ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 15:18
15 Referans Kwoze  

Lɔlɔ̃tɔwo, mele nu xlɔ̃m mi abe amedzrowo kple mɔzɔlawo ene be, miade mia dokui ɖa atso ŋutilã nudzodzro, siwo wɔa aʋa ɖe luʋɔ ŋuti la gbɔ,


Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome, eye womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o; elabena ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wo.


Si le ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo nu; ke dze dzɔdzɔenyenye, xɔse, lɔlɔ̃ kple ŋutifafa yome hekpe de amesiwo katã yɔ Aƒetɔ la le dzi dzadzɛ me la ŋu.


Misi le ahasiwɔwɔ nu! Nuvɔ̃ sia nuvɔ̃, si ame wɔna la, menye eƒe ŋutilã me wòle o, ke ahasiwɔla wɔa vɔ̃ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã ŋuti.


Woɖe nuwo katã ƒe mɔ nam, ke menye nuwo katãe nyona na ame o. Woɖe nuwo katã ƒe mɔ nam, ke menye nyee le nana ge nane nakpɔ ŋusẽ ɖe dzinye o.


Elabena nye dzidadawo la, medze si wo, eye nye nuvɔ̃ le ŋkunye me daa?


Amesi ka asi eƒe aba ŋu la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu meka o vaseɖe fiẽ.


Eye wògblɔ na dukɔ la bena: Misu te vaseɖe ŋkeke etɔ̃lia dzi; amea ɖeke megado nyɔnu gbɔ o.


Ne ŋutsua ɖe nyẽ tsi la, ekema wòale tsi, eye eŋu meka o vaseɖe fiẽ.


Eye wòanyã avɔ sia avɔ kple lãgbalẽ sia lãgbalẽ, si dzi wònyẽ tsi la ɖo, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Eye Dawid do ame woyi ɖakplɔe vɛ, eye esi wòva egbɔ la, ede asi eŋu. Esi nyɔnu la kpala ɖinu la le eɖokui ŋu vɔ la, etrɔ yi eƒe me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite