Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 15:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ne ŋutsua ɖe nyẽ tsi la, ekema wòale tsi, eye eŋu meka o vaseɖe fiẽ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 “ ‘Ɣe sia ɣi si ŋutsu aɖe anye tsi la, ele nɛ be wòale tsi nyuie, eye eŋu makɔ o va se ɖe fiẽ.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 15:16
9 Referans Kwoze  

Ne Aron viwo dometɔa ɖe dze anyi alo le atu ɖɔm la, mekpɔ mɔ aɖu nunana kɔkɔe la ɖeke o, vaseɖe esime eŋu nakɔ hafi. Ne amea ɖe ka asi amesi gblẽ kɔ ɖo ɖe ame kuku ŋu, alo amesi nyẽ tsi ŋuti,


Amesi ka asi eƒe aba ŋu la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu meka o vaseɖe fiẽ.


ke ne míele kekeli me zɔm, abe alesi eya ŋutɔ le kekeli me ene la, ekema míedo ƒome kple mía nɔewo, eye Via Yesu Kristo ƒe ʋu la klɔa nuvɔ̃ katã ɖa le mía ŋuti.


Lɔlɔ̃tɔwo, mele nu xlɔ̃m mi abe amedzrowo kple mɔzɔlawo ene be, miade mia dokui ɖa atso ŋutilã nudzodzro, siwo wɔa aʋa ɖe luʋɔ ŋuti la gbɔ,


Azɔ la esi ŋugbedodo siawo le mía si la, lɔlɔ̃tɔwo, mina míakɔ mia ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, bena míawu kɔkɔenyenye nu le mawuvɔvɔ̃ me.


Eye wòanyã avɔ sia avɔ kple lãgbalẽ sia lãgbalẽ, si dzi wònyẽ tsi la ɖo, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Ne ŋutsua mlɔ nyɔnua ɖe gbã, hafi nyẽ tsia la, ekema woa kple eve la nale tsi, eye wo ŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Le ɣetrɔ me la wòalé tsi, eye ne ɣe ɖo to la, ekpɔ mɔ ava asaɖa la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite