Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 14:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 awu ɖe anyidzela, si ŋu kɔm wole la ŋu, eye wòakɔ eŋu; ke wòaɖe asi le xevi gbagbe la ŋu aɖo ɖe gbe me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Ekema nunɔla la ahlẽ ʋu la ɖe ame si ŋu kpodɔ la vɔ le la ŋu zi adre. Nunɔla la aɖe gbeƒã be amea ŋu kɔ azɔ, eye wòaɖe asi le xevi gbagbe la ŋu wòadzo adzo.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 14:7
29 Referans Kwoze  

Mahlẽ tsi dzadzɛ ɖe mia ŋu, ne miaƒe nu makɔmakɔwo katã naɖi le mia ŋu, eye maklɔ miaƒe legbawo katã da le mia ŋu.


nenema wòana dukɔ geɖewo ƒe nu naku, eye fiawo ƒe nu ade ga le eta, elabena nusi womegblɔ na wo kpɔ o la, wokpɔ, eye nusi womese kpɔ o la, wodze sii.


Tete wòɖi abu yi ɖado ɖi ɖe Yordan me zi adre le Mawu ƒe ame ƒe nya la nu, eye eƒe ŋutigbalẽ zu abe ŋutsuvi dzaa ɖe ƒe ŋutigbalẽ ene, eye eŋuti kɔ.


Eye Elisa do ame ɖo ɖee, ne woagblɔ nɛ be: Yi ɖale tsi zi adre le Yordan me, ekema wò ŋutigbalẽ aɖɔ ɖo, eye wò ŋuti aka.


le Mawu Fofo la ƒe nunyanyaɖi la nu le Gbɔgbɔ ƒe kɔkɔewɔwɔ me hena toɖoɖo kple Yesu Kristo ƒe ʋuhehlẽ: Amenuveve kple ŋutifafa nasɔ gbɔ ɖe dzi na mi!


Elabena esime Mose gblɔ sedede sia sedede na dukɔ blibo la le sea nu la, etso nyiviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu hekpe ɖe tsi kple alẽfu dzi kple isop ŋu, eye wòwui ɖe agbalẽ la ŋutɔ kple dukɔ la katã ŋu


Elabena ne gbɔ̃tsuwo kple nyitsuwo ƒe ʋu kple nyinɔ ƒe afi, si wowu ɖe ame makɔmakɔwo ŋu la, kɔ wo ŋuti hena ŋutilã ƒe kɔkɔenyenye la,


Esiae nye amesi va le tsi kple ʋu me: Yesu Kristo, menye tsi ɖeɖe me koe wòva le o, ke boŋ tsi kple ʋu mee wòva le. Eye Gbɔgbɔ la enye amesi ɖia ɖase: elabena Gbɔgbɔ la enye nyateƒe la.


kple Yesu, si nye nubabla yeye la ƒe avuléla kple ʋuhehlẽ, si ƒoa nu nyuie wu Abel to la, gbɔ míete va.


mina miatsɔ dzi nyateƒetɔ ate va le xɔse ƒe kakaɖedzi blibo me, abe amesiwo wòklɔ dzitsinya vɔ̃ ɖa tso woƒe dziwo me, eye wotsɔ tsi zɔzrɔ̃e le na woƒe ŋutilã ene;


ɖe wònye nenema wòle la, ekem ele nɛ be, wòakpe fu agbadre tso xexeme ƒe gɔmedzedzea me ke; gake azɔ la eɖe eɖokui fia zi ɖeka le xexeame ƒe nuwuwu, bena wòaɖe nuvɔ̃wo ɖa to eɖokuitsɔtsɔ savɔe me.


Eye nenema ke wòtsɔ ʋu la wu ɖe agbadɔ kple mawusubɔnuawo katã ŋu.


ke boŋ asrafoawo dometɔ ɖeka tsɔ akplɔ tɔ eƒe axada me, eye enumake ʋu kple tsi do go.


Agakpɔ nublanui na mi, àxɔ aɖi le miaƒe vodadawo si, eye wòatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo katã aƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe.


Kwasiɖa blaaɖre woɖo ɖe wò dukɔ kple wò du kɔkɔe la ŋu, ne woaxe mɔ na dzidada, eye woatsi nuvò nu, woalé avu ɖe vodada nu, eye woahe dzɔdzɔenyenye mavɔ vɛ, woaɖo kpe ŋutega kple nyagblɔɖiwo dzi, eye woakɔ nu kɔkɔetɔ ŋu.


Kpɔ ɖa, voɖaɖa me wodzim ɖo, eye nuvɔ̃ me danye fɔ nye fu ɖo!


esime wode Batseba gbɔ, eye nyagblɔɖila Natan va egbɔ.


Ekem woƒe vodadawo katã yi ɖe gbɔ̃tsu la dzi wotsa yi gbedadaƒoe, eye wòaɖe asi le gbɔ̃tsu la ŋu le gbedzi.


Eye wòatsɔ eƒe asibide ahlẽ ʋua ƒe ɖe ɖe edzi zi adre, eye wòako eŋu tso Israel-viwo ƒe nu makɔmakɔwo me awɔe kɔkɔe.


Wòatso eƒe asibide ahlẽ nyitsu la ƒe ʋu ƒe ɖe ɖe nutsyɔnu la dzi, eye woatso eƒe asibide ahlẽ ʋu la ƒe ɖe ɖe nutsyɔnu la ŋgɔ zi adre.


eye wòatsɔ sederti, isop kple ka dze kpakple xevi gbagbe la atɔ xevi, si wotso ɖe tɔsisi me tsi ŋgɔ la, ƒe ʋu me, eye woawui ɖe xɔ la ŋu zi adre.


Eye ne nunɔla la kpɔ bena, nu la fu ɣie la, ekema nunɔla la nabui be, eŋu kɔ.


eye ne nunɔla la kpɔ bena, anyi la xɔ eŋu katã, eye eŋu fu ɣie keŋ la, ekema woabui amesi ŋu kɔe.


Ewu ami la ɖe vɔsamlekpuia ŋu zi adre, eye wòsi ami na vɔsamlekpui la kple eŋu nuawo katã, tsileze la kple eƒe zɔ, be wòawɔ wo kɔkɔe.


Eye nunɔla la nade eƒe asi ʋu la me, ahlẽ zi adre ɖe xɔmetsovɔ la gbɔ le Yehowa ƒe ŋku me.


Eye nunɔla la nade eƒe asi ʋu la me ahlẽ zi adre ɖe avɔ, si tso kɔkɔeƒea me la gbã le Yehowa ŋku me.


Eye wòatsɔe aɖe nuvɔ̃ ɖa le eɖokui ŋu le ŋkeke etɔ̃lia kple ŋkeke adrelia dzi, ekema eŋu ko; gake ne meɖe nuvɔ̃ ɖa le eɖokui ŋu le ŋkeke etɔ̃lia kple ŋkeke adrelia dzi o la, ekema eŋu meka o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite