Amesiawo nye ɖiƒoƒo le miaƒe lɔlɔ̃nuɖuɖuwo me, esi woɖua nutsu nyia wo ɖokui le mia gbɔ vɔvɔ̃ manɔmee; alilikpo tsi manɔme, siwo ya ƒona yina gbɔna la, wonye; ati, siwo dzi kutsetse menɔa le nuŋeɣi o, siwo ku zi eve, eye woho wo,
Elabena ne wosi le xexeame ƒe makɔmakɔnyenye nu to sidzedze Aƒetɔ kple xɔla Yesu Kristo me, eye wona wogalé wo le nu mawo ke me, eye wogaɖu wo dzi la, ekema woƒe anyinɔnɔ mamletɔ zu vɔ̃ na wo wu tsãtɔ.
Esi meklɔ ŋuwò, ke wò nu makɔmakɔawo gbe ɖiɖi le ŋuwò le wò ŋukpenanuwɔwɔ makɔmakɔawo ta la, eyata ŋuwò maɖi akpa o, vaseɖe esime nye dziku nu nafa ɖe ŋuwò.
Ke ne wogbugbɔ xɔ la tre, eye nunɔla la va, eye wòkpɔ bena, nu la mekeke ɖe nu le xɔa me o la, ekema nunɔla la nabu xɔ la be, eŋu kɔ, elabena nu la vɔ.