Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 14:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 ekema nunɔla nade se bena, woana xevi gbagbe eve, siwo dza kple sederti, ka dze kpakple isop ɖe amesi ŋu kɔm wole la ta.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 ana amea nana xevi eve siwo ŋu se ɖe mɔ le be woaɖu, hekpe ɖe sedati, ka dzĩ kple kakle ŋu be wòawɔ wo ŋu dɔ hena kpodɔléla si haya la ŋutikɔkɔ ƒe kɔnuwo wɔwɔ.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 14:4
11 Referans Kwoze  

Eye nunɔla natsɔ sederti, isop kple ka dze ade nyinɔ ƒe dzo la me.


Elabena esime Mose gblɔ sedede sia sedede na dukɔ blibo la le sea nu la, etso nyiviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu hekpe ɖe tsi kple alẽfu dzi kple isop ŋu, eye wòwui ɖe agbalẽ la ŋutɔ kple dukɔ la katã ŋu


Eye wòatsɔ xevi gbagbe la kple sederti, ka dzẽ kpakple isop la ato xeviʋu, si wotso ɖe tɔsisi me tsi ŋgɔ la me,


Kpɔ ɖa, voɖaɖa me wodzim ɖo, eye nuvɔ̃ me danye fɔ nye fu ɖo!


Eye mitsɔ isop babla nyrɔ̃ ɖe ʋu, si le ze me la me, eye miatsɔ ʋu, si le zea me la, asisi ɖe ʋɔtruti eveawo kple etametɔ ŋuti. Ke mia dometɔa ɖeke megado go le xɔ me ɖe ʋɔtru nu, vaseɖe ŋu nake o!


Eye ŋutsu, si ŋu kɔ la, natsɔ isop ade tsi la me awu ɖe agbadɔ la, eme nuwo katã kple amesiwo katã de afima la ŋu; alea woawui ɖe amesi de asi ameƒu alo amesi wowu, ame kuku alo yɔdo ŋu la hã ŋui.


Ke ne mate ŋu ana alé o la, ekema wòatsɔ akpakpa alo ahɔnevi eve vɛ; ɖeka woawo numevɔsae, eye ɖeka woawo nuvɔ̃vɔsae, eye nunɔla nalé avu nɛ, ekema eŋu kɔ.


Ke ne mate ŋu ana alé o la, ekema wòatsɔ akpakpa eve alo ahɔnevi eve asa vɔe na Yehowa ɖe eƒe vo, si wòda heɖi fɔ la ta; wòatsɔ ɖeka asa nuvɔ̃ŋutivɔe, eye woatso evelia asa numevɔe.


Ke nenye xewo wòbe, yeatsɔ asa vɔ na Yehowa la, ekema wòatsɔ akpakpa alo ahɔnevi asa vɔ lae.


Eye nunɔla nade se bena, woatso xevi ɖeka ɖe tɔsisi me tsi ŋgɔ le ze me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite