Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 14:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Ke ne eda ahe, eye mate ŋu ana nusiawo o la, ekema wòana alẽvi ɖeka, si woanyè awɔ fɔɖivɔsae, bena woatsɔ alé avu nɛ, kple wɔ memee tre ɖeka, si wodzaba kple ami awɔ nuɖuvɔsa, ami trevi ɖeka

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 “Ne amea da ahe ale gbegbe be mate ŋu ana alẽvi eve o la, ekema ana agbovi ɖeka ko na fɔɖivɔsa la be woatsɔ ana Yehowa hena avuléle to enyenye le yame le vɔsamlekpui la ŋgɔ me. Nu siwo agakpe ɖe esia ŋu koe nye wɔ memee kilogram ɖeka si dzi wokɔ ami ɖo hena nuɖuvɔsa la kple amitimi lita ɖeka ƒe akpa etɔ̃lia.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 14:21
17 Referans Kwoze  

Ke ne mate ŋu ana alé o la, ekema wòatsɔ akpakpa eve alo ahɔnevi eve asa vɔe na Yehowa ɖe eƒe vo, si wòda heɖi fɔ la ta; wòatsɔ ɖeka asa nuvɔ̃ŋutivɔe, eye woatso evelia asa numevɔe.


Ke ne mate ŋu ana alé o la, ekema wòatsɔ akpakpa alo ahɔnevi eve vɛ; ɖeka woawo numevɔsae, eye ɖeka woawo nuvɔ̃vɔsae, eye nunɔla nalé avu nɛ, ekema eŋu kɔ.


Amesi ɖea alɔme le ahetɔ ŋu la, edoa vlo ewɔla; amesi kpoa dzidzɔ le dzɔgbevɔ̃e ŋu la, womagbe tohehe nɛ o.


Elabena ne edzilɔlɔ̃ le la, edze ame ŋu be, woaxɔ le nusi le amesi la nu, eye menye le nusi mele esi o la nu o.


Elabena mienya mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve bena, kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva da ahe ɖo, bene miawo la miato eƒe ahedada la me nazu kesinɔtɔwo.


Eye wowu eƒe mo dzi ɖe eƒe nusrɔ̃lawo dzi gblɔ bena; Woayra mi, amesiwo nye ame dahewo; elabena miawo toe nye mawufiaɖuƒe la.


Kesinɔtɔ kple ame dahe wodoa go wo nɔewo; wo katã wɔla enye Yehowa.


Eya, amesi medea amegãwo dzi o, eye meɖia kesinɔtɔwo ƒe nya wua ame dahewo tɔ o, elabena wo katã la eƒe asinudɔwɔwɔ wonye.


Eya ɖea hiãtɔwo tso ké me, eye wòhea ame dahewo tso bafifi me, ne wòana woawo kple amegãwo nanɔ kasɔsɔ me, eye wòaɖe bubumewo ƒe zi asi na wo; elabena anyigbatu me sɔtiwo nye Yehowa tɔ, eye woawo dzi wòtu xexeame godoo ɖo.


kpakple akpakpa eve alo ahɔnevi eve, esi ke woate ŋu anya na ko; woatsɔ ɖeka asa fɔɖivɔe, eye woatsɔ evelia asa numevɔe.


Ne mate ŋu ana akpakpa eve alo ahɔnevi eve hã o la, ekema wòatsɔ wo memee eta ɖeka ƒe ewoliawo ɖeka asa vɔe ɖe eƒe vo, si wòda la ta; makɔ ami ɖe edzi o, eye makpe dzudzɔdonu hã ɖe eŋu o, elabena nuvɔ̃ŋutivɔsae.


Ke nenye xewo wòbe, yeatsɔ asa vɔ na Yehowa la, ekema wòatsɔ akpakpa alo ahɔnevi asa vɔ lae.


Le ŋkeke enyiagbe woatso alẽvi eve, siwo so blibo, kple alẽnɔ, si xɔ ƒe ɖeka, eye wosa blibo la, akpe ɖe wɔ memee tre etɔ̃, si wodzaba kple ami ŋu awɔ nuɖuvɔsae, hekpe ɖe ami trevi ɖeka ŋu.


Ke ne ame la da ahe, eye mate ŋu ana ho la o la, ekema nakplɔe ayi nunɔla gbɔ, eye nunɔla nado asi nɛ ɖe nusi le esi la nu.


Wòatsɔ nuɖuvɔsa efa ɖeka akpe ɖe nyitsu la ŋu kple efa ɖeka akpe ɖe agbo la ŋu, ke wòakpe alesi nu woate ŋu ana la, ɖe alẽviawo ŋu, eye ami hin ɖeka nanɔ efa ɖeka ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite