Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 14:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Emegbe nunɔla la natsɔ ami mamlea, si susɔ ɖe esi la, akɔ ɖe amesi ŋu kɔm wole la ƒe tame, bena wòalé avu nɛ le Yehowa ŋku me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Atsɔ ami si gasusɔ ɖe eƒe miasiƒome la asi ɖe ta nɛ. Ale nunɔla la alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 14:18
13 Referans Kwoze  

Eye woatɔ dzo lã la ƒe amiawo katã le vɔsamlekpui la dzi abe akpedavɔsalã ƒe ami ene. Ale nunɔla la alé avu nɛ le eƒe nuvɔ̃ la ta, eye woatsɔe akee.


Eye wòkɔ ami sisi la ƒe ɖe ɖe Aron ƒe tame hesi ami ne, be wòako eŋu.


Eye wòaɖo nu kɔkɔe, si me wòda vo le la teƒe, emegbe wòatsɔ nu la ƒe etɔ̃liawo ɖeka akpee; wòatsɔ wo ava nunɔla gbɔe, eye nunɔla la natsɔ fɔɖiŋuvɔsagbo la alé avu nɛ, eye woatsɔe akee.


Eye wòaɖe eƒe amiwo katã, abe alesi wòɖe akpedavɔsalã ƒe amiwo ene, eye nunɔla natɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi, bena wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa. Ale nunɔla alé avu nɛ, eye woatsɔe akee.


Tso ami ko ɖe eƒe tame, eye nasi ami ne.


Eyata ele nɛ be, wòaɖi nɔviawo le nuwo katã me, bene wòatrɔ zu nunɔlagã nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔwo gome, bene wòalé avu le dukɔ la ƒe nuvɔ̃wo ta.


Eye nunɔla la natsɔ ami, si susɔ ɖe esi la, ƒe ɖe asisi fɔɖivɔsalã ƒe ʋu dzi, le amesi ŋu kɔm wole la ƒe ɖusitogboe, ɖusidegblefetsu kple ɖusifɔdegblefetsu ŋu.


Eye nunɔla nawɔ avulenuwo na amesi ɖe ŋu ɖi da ƒu la, le Yehowa ŋku me ahale avu nɛ, eye woatsɔe akee.


Eye woawo nyitsu la, abe alesi wòwɔa nuvɔ̃ŋutivɔsa-nyitsu lae ene. Ale nunɔla la ale avu na wo, eye woatsɔe ake wo.


Eye wòaɖe eƒe amiwo katã le eŋu, abe alesi wòɖea ami le akpedavɔsalã ŋu ene, eye nunɔla natsɔ wo aɖa ɖe Yehowa ƒe dzovɔsalã la dzi ato dzo wo. Ale nunɔla alé avu nɛ le eƒe nuvɔ̃, si wowɔ la ta, eye woatsɔe akee.


eye nunɔla la nawɔ wo ŋu dɔ; wòatsɔ ɖeka asa nuvɔ̃vɔe, eye wòatsɔ evelia asa numevɔe. Ale nunɔla la alé avu nɛ le Yehowa ŋku me le eƒe afu la ta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite