3 Mose 14:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191313 Emegbe woawu alẽvi la ɖe teƒe kɔkɔe, si wowua nuvɔ̃vɔsalã kple numevɔsalã ɖo; elabena fɔɖivɔsalã hã nye nunɔla tɔ, abe nuvɔ̃vɔsalã ke ene; nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye. Gade chapit laAgbenya La13 Awu alẽ la le afi si wowua nu vɔ̃ ŋuti vɔsalãwo kple numevɔsalãwo le, le Agbadɔ la me. Woatsɔ fɔɖivɔsa sia ana nunɔla la abe eƒe nuɖuɖu ene, abe ale si wowɔna le nu vɔ̃ ŋuti vɔsa me ene. Enye vɔsa kɔkɔe ƒe vɔsa kɔkɔe. Gade chapit la |
Eye wògblɔ nam be: Xɔvi, siwo le anyiehe gome, kple xɔvi, siwo le dziehe gome le teƒe, si ŋu wòtɔ kpɔ ɖo la ŋgɔdze la, xɔvi kɔkɔewo wonye, afisi nunɔla, siwo kpɔ mɔ ate ɖe Yehowa ŋu la, aɖu nu kɔkɔetɔwo le; afima woatsɔ nu kɔkɔetɔ, siwo nye nuɖuvɔsa, nuvɔ̃vɔsa kple fɔɖivɔsa ada ɖo, elabena teƒe kɔkɔe ye.