Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 14:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Le ŋkeke enyiagbe woatso alẽvi eve, siwo so blibo, kple alẽnɔ, si xɔ ƒe ɖeka, eye wosa blibo la, akpe ɖe wɔ memee tre etɔ̃, si wodzaba kple ami ŋu awɔ nuɖuvɔsae, hekpe ɖe ami trevi ɖeka ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 “Ne ŋu ke si anye ŋkeke enyia gbe la, amea ana alẽvi eve siwo de blibo, alẽnɔe ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, eye wòde blibo, wɔ memee kilogram atɔ̃ si dzi wokɔ ami ɖo kple ami lita ɖeka ƒe akpa etɔ̃lia.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 14:10
26 Referans Kwoze  

Ne amea de be, yeasa nuɖuvɔ na Yehowa la, ekema wòatsɔ wɔ memee asa vɔ lae, eye wòakɔ ami de dzi, atsɔ dzudzɔdonu akpe de eŋu.


Eye wòde se nɛ be: Megagblɔe na amea ɖeke o, ke boŋ heyi ɖatsɔ ɖokuiwò fia nunɔla, eye namè nu le wò ŋutikɔklɔ la ŋuti, ɖe alesi Mose de se la nu, wòanye ɖaseɖiɖi na wo.


eye wògblẽ nɛ bena: Kpɔ nyuie! Megagblɔ naneke na amea ɖeke o; ke heyi natsɔ ɖokuiwò afia mawununɔla boŋ, eye na nusiwo ŋuti Mose de se ɖo la, le wò ŋutikɔklɔ la ŋuti, ne wòanye ɖaseɖiɖi na wo.


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, megagblɔe na amea ɖeke o; ke heyi ɖatsɔ ɖokuiwò fia mawununɔla boŋ, eye natsɔ nunana, si Mose ɖo anyi la, ana, ne wòanye ɖaseɖiɖi na wo.


Ke ne eda ahe, eye mate ŋu ana nusiawo o la, ekema wòana alẽvi ɖeka, si woanyè awɔ fɔɖivɔsae, bena woatsɔ alé avu nɛ, kple wɔ memee tre ɖeka, si wodzaba kple ami awɔ nuɖuvɔsa, ami trevi ɖeka


Eye nunɔla la nakɔ ami trevi ɖeka la ƒe ɖe ɖe eya ŋutɔ ƒe miãsi me.


Nunɔla nalé alẽvi ɖeka akpe ɖe ami trevi ɖeka la ŋu asa fɔɖivɔe, eye wòanyè wo le Yehowa ŋku me.


ke boŋ kple Kristo ƒe ʋu xɔasi la abe alẽvi, si ŋu mokaka kple kpɔtsotso mele o la, ƒe ʋu ene,


Nyee nye agbebolo la, si ɖi tso dziƒo va; ne amea ɖe ɖu abolo sia ƒe ɖe la, anɔ agbe tegbetegbe; eye abolo, si na ge mala ɖe xexeame ƒe agbe ta la, enye nye ŋutilã.


Elabena Mawu ƒe abolo la enye esi ɖi tso dziƒo va, eye wòna agbe xexeame.


Esi ŋu ke la, ekpa Yesu gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina la, enye si!


eye miatsɔ wɔ memee efa ƒe ewoliawo etɔ̃, si wodzaba kple ami la, awɔ nuɖuvɔsa akpe ɖe nyitsua ɖesiaɖe ŋu; efa ƒe ewoliawo eve akpe ɖe agbo ɖeka la ŋu,


Eye wòatsɔ nusiawo asa vɔe na Yehowa, alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka, eye naneke mewɔ afia ɖeke nɛ o, woawɔ numevɔsae, alẽnɔ, si xɔ ƒe ɖeka, eye naneke mewɔ afia ɖeke nɛ o, woawɔ nuvɔ̃vɔsae, kple agbo, si naneke mewɔ aba ɖeke nɛ o, woawɔ akpedavɔsae


Miatsɔ wɔ memee eta ƒe mamã ewoliawo eve, si wodzaba kple ami awɔ nuɖuvɔsa, si woatɔ dzoe na Yehowa, be wòaʋẽ lilili, hekpe de nunovɔsa wein hin ƒe mamã eneliawo ɖeka ŋu.


Le ŋkeke enyiagbe Mose ya Aron kple Israel-ame tsitsiwo,


Nenye alẽvi wòbe, yeatsɔ asa nuvɔ̃ŋutivɔe la, ekema wòanye nɔe, si sɔ blibo,


De dze wò nuɖuvɔsawo katã me, eye wò Mawu ƒe nu, si wòbia kpli wò la, ƒe dze mato le wò nuɖuvɔsawo me o; dze nakpe ɖe wò vɔsawo katã ŋu.


Migatsɔ amɔwɔ ʋaʋã wɔ nuɖuvɔ, si miasa na Yehowa la, dometɔa ɖeke o, elabena womatɔ dzo amɔwɔ ʋaʋã alo anyitsinua ɖeke na Yehowa o.


Nenye alẽ alo gbɔ̃ wòbe, yeatsɔ amè numevɔsae la, ekema woatso atsu, si so blibo, asa vɔ lae.


Eye natsɔ dzomi hin eneliawo ɖeka adzaba wɔ memee efa ewoliawo ɖeka, eye natsɔ wein hin eneliawo ɖeka hena nunovɔsa akpe ɖe alẽvi ɖeka la ŋu.


Eye nunɔla, si le nua wɔm la, nakplɔ amesi ŋu kɔm wole la, akpe ɖe nuawo ŋu aɖo Yehowa ŋku me le Mawu ƒe agbadɔ la nu.


Nusiwo wòna, wonye: klosalogba ɖeka, si da sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, kple klosaloze ɖeka, si ɖa sekel kɔkɔe blaadre, woa kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee, si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuvɔsae,


Nenye nyi wotso be, yeame numevɔsae la, ekema wòanye atsu, si so blibo, eye wòakplɔe ava Mawu ƒe agbadɔ la nu, be ame la nadze Yehowa ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite