Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 13:45 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

45 Ɖovu nanɔ anyidzela ŋu, wòagblẽ eƒe ta ɖi wòato, eye wòabla glã anɔ ɣli ɖom bena: Busue! busue!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

45 “Ele na ame si wokpɔ be edze kpodɔ la be wòadze eƒe awuwo, ana eƒe taɖa nato ʋutuu, wòatsyɔ nu eƒe nuyi dziƒotɔ dzi, eye wòanɔ yiyim anɔ ɣli dom be, ‘Nye ŋuti mekɔ o, nye ŋuti mekɔ o!’

Gade chapit la Kopi




3 Mose 13:45
24 Referans Kwoze  

Ŋu-kpe alé nukpɔlawo, bokɔnɔwo ƒe mo atsi ɖã, eye wo katã woabla nu ɖe ge, elabena Mawu megale nya ŋu ɖom azɔ o.


Eye Mose gblɔ na Aron kple viaŋutsuawo Eleazar kple Itamar bena: Migakaka miaƒe ɖawo ɖe ta o, eye migadze miaƒe awuwo o, ne miagaku, eye wòado dɔmedzoe ɖe ha blibo la ŋu o. Ke mia nɔviwo, Israel ƒe aƒe blibo la, nafa dzo, si Yehowa tɔ nu la.


Ɖe hũ le adza me, eye megawɔ kunu o; bia ta, eye nado atokota ɖe afɔ, megabla nu ɖe wò ge o, eye megaɖu konyifabolo o.


Wole ɣli dom ɖe wo ŋu be: Midzo, mi ame makɔmakɔwo, midzo, midzo, migaka asi naneke ŋu o! Eye esi wosi hele tsa glãla tsam la, wogblɔ le dukɔwo dome be: Womele anyi nɔ ge ɖiɖie o!


Eye esi wòyi ɖe kɔƒea ɖe me la, ŋutsu ewo, siwo nye anyidzelawo la, va kpee, eye wotsi tre ɖe adzɔge;


Eye miawɔ pɛpɛpɛ abe nye ene: miabla nu ɖe ge o, eye miaɖu konyifabolo o,


Ke amesi nye nunɔlagã le nɔviawo dome, amesi ƒe tame wokɔ ami sisi la ɖo, eye woɖoe, bena woaɖo awuawo la, mekpɔ mɔ akaka ɖa ɖe ta o, eye madze eƒe awuwo hã o.


Eye esi Simon Petro kpɔe la, edze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu gblɔ bena: Aƒetɔ, do go le gbɔnye, elabena ame wɔnuvɔ̃ menye.


Amea ɖeke meli, si yɔa wò ŋkɔ, eye wòtsona be, yeaku ɖe ŋuwò o; elabena èɣla wò ŋku me ɖe mí, eye nèna nu ti kɔ na mí ɖe miaƒe vodadawo me.


Tete megblɔ be: Alele, evɔ nam! Elabena ame miyi makɔmakɔtɔ menye, eye mele dukɔ, si ƒe nuyi mekɔ o la dome, elabena nye ŋkuwo kpɔ fia Yehowa Zebaot.


Mawu, ve nunye le wò dɔmenyo la nu, eye le wò nublanui-kpɔkpɔ sɔgbɔ la nu tutu nye dzidadawo ɖa!


Midze miaƒe dziwo, menye miaƒe awuwo o, eye migatrɔ ɖe Yehowa, mia Mawu la ŋu! Elabena amenuvela kple nublanuikpɔla wònye, egbɔa dzi ɖi blewu, amenuveve bɔ ɖe esi, eye vɔ̃wɔwɔ venɛ.


Eye dzidzi meƒo fia la kple eƒe dɔlawo katã, ne wòahayi woƒe awuwo dze ge, esime wose nya siawo katã o.


Míamlɔ míaƒe ŋukpe me, eye míaƒe vlododo netsyɔ mía dzi; elabena mia kple mía fofowo míewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa, mía Mawu la ŋu tso míaƒe ɖevime vaseɖe egbe, eye míeɖo to Yehowa, mía Mawu la ƒe gbe o.


Elabena nye dzidadawo la, medze si wo, eye nye nuvɔ̃ le ŋkunye me daa?


Eyata megbe nye nyawo, eye wovem le ke kple afi me.


Tete Hiob tso hedze eƒe awu, elũ eƒe ta, eye wòde ta agu hedo gbe ɖa


Eye Tamar ku afi kɔ ɖe ta me, eye wòdze awu ʋlaya, si wòdo la, eye wòkpla asi ta le boboe dom le yiyim.


Esi Ruben gatrɔ va doa to la, megakpɔ Yosef le do la me o Tete wòdze eƒe awu,


Midzo, midzo, miʋu tso afima! Migaka asi nu makɔmakɔa ɖeke ŋu o! Miʋu tso wo dome; mi Yehowa ƒe nutsɔlawo, mikɔ mia ɖokui ŋu!


ekema ŋutsu la dze anyi, eŋu mekɔ o, eye nunɔla la nabui ame makɔmakɔe, agabui ɖe dzi; anyie wòdze ɖe ta.


Eye anyidzela ene le agboa nu, amesiwo gblɔ na wo nɔewo bena: Nukaŋuti mianɔ afisia, vaseɖe esime míaku?


De se na Israel-viwo be, woaɖe anyidzelawo, afuɖɔlawo kple amesiwo gblẽ kɔ ɖo le ame kuku ŋu la ɖa le asaɖa la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite