Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 13:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Ke ne nu la teƒe gale nenema ko, eye mekeke ɖe nu o la, ekema nu kuku teƒee, eye nunɔla nabui amesi ŋu kɔe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Ke ne teƒea mekeke ɖe edzi o la, ekema ƒoƒoe la ƒe abiteƒe koe. Nunɔla la atso nya me be eŋuti kɔ.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 13:23
13 Referans Kwoze  

Nɔviwo, ne vodadaa ɖe ɖi ɖe amea ɖe hã la, mi amesiwo nye gbɔgbɔmemewo la, miɖɔ nenem me sia ɖo le dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ la me; eye na ɖokuiwò dzi kpɔm nyuie, bene woagate wò hã akpɔ o.


eyata azɔ la mitsɔe kee, eye mifa akɔ nɛ ɖe eteƒe boŋ, bene nuxaxa geɖe akpala nagami nenem me sia o.


Eye Petro ɖo ŋku Yesu ƒe nya, si wògblɔ nɛ la dzi bena: Hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃. Eye wòdo go, eye wòfa avi vevie.


Amesi tsɔ nu tsyɔ eƒe vodada dzi la, madze edzi nɛ o; ke amesi ʋu eme, eye wòdzudzɔe la, woave enu.


Eye Dawid gblɔ na Natan bena: Mewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Natan gblɔ na Dawid bena: Yehowa hã ɖe wò nuvɔ̃ la ɖa; mele kuku ge o.


Esi Yuda ɖe ŋku ɖee nyuie la, egblɔ bena: Etɔ dzɔ wu tanye, elabena nyematsɔe na vinye Sela wòɖe o. Tso ema dzi la megade asi eŋu kpɔ o.


Eye, ne ekaka ɖe eƒe ŋutigbalẽ me la, ekema nunɔla nabui ame makɔmakɔe; anyie wònye.


Ne dzo fiã amea ɖe, eye dzobi la teƒe le ɣie de dzẽ wɔ ge alo le ɣie keŋ,


Ke ne nunɔla la kpɔ bena, fu ɣiwo mele eteƒe o, eteƒe menyẽ ɖe eme o, eye melé akpɔ hã o la, ekema nunɔla natui ɖe xɔ me ŋkeke adre.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite