Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 13:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Ke ne nunɔla kpɔ bena, fu ɣiwo mele eɖzi o, eye eteƒe menyẽ ɖe me o, ke wòlé akpɔ la, ekema nunɔla la natui ɖe xɔ me ŋkeke adre.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Ke ne nunɔla la kpɔ be fu ɣi aɖeke mele teƒea o, eye teƒea hã menye ɖe eme o, ke teƒea le fufu kple nyɔnyɔ dome la, ekema nunɔla la aɖee ɖe aga ŋkeke adre.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 13:21
4 Referans Kwoze  

bene miatsɔ ame ma ade asi na Satana, bene wòagblẽ eƒe ŋutilã, ne woaxɔ eƒe gbɔgbɔ le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi.


Ke ne eƒe ŋutigbalẽ ɖe bo ɣie ko, eye eteƒe menyẽ ɖe me wu ŋutigbalẽ bubuawo o, eye fuawo hã mefu ɣie o la, ekema nunɔla la natu ame la ɖe xɔ me ŋkeke adre.


Ne nunɔla la kpɔ bena, nu la teƒe nye ɖe me wu ŋutigbalẽ bubuawo, eye fuawo lu ɣie la, ekema nunɔla la nabui ame makɔmakɔe; anyie wònye ƒo ɖe nuƒoƒo la teƒe.


Eye, ne ekaka ɖe eƒe ŋutigbalẽ me la, ekema nunɔla nabui ame makɔmakɔe; anyie wònye.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite