Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 12:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ke ne mate ŋu ana alé o la, ekema wòatsɔ akpakpa alo ahɔnevi eve vɛ; ɖeka woawo numevɔsae, eye ɖeka woawo nuvɔ̃vɔsae, eye nunɔla nalé avu nɛ, ekema eŋu kɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Ke ne nyɔnu aɖe da ahe ale gbegbe be mate ŋu ana alẽ o la, ekema ele nɛ be wòana akpakpa eve alo ahɔnɛ eve. Woatsɔ xeviawo dometɔ ɖeka asa numevɔ, eye woatsɔ evelia asa nu vɔ̃ vɔsae. Nunɔla la atsɔ nu siawo alé avu ɖe enu ale be eŋuti nagakɔ.’ ”

Gade chapit la Kopi




3 Mose 12:8
14 Referans Kwoze  

Ke ne mate ŋu ana alé o la, ekema wòatsɔ akpakpa eve alo ahɔnevi eve asa vɔe na Yehowa ɖe eƒe vo, si wòda heɖi fɔ la ta; wòatsɔ ɖeka asa nuvɔ̃ŋutivɔe, eye woatso evelia asa numevɔe.


Eye woatɔ dzo lã la ƒe amiawo katã le vɔsamlekpui la dzi abe akpedavɔsalã ƒe ami ene. Ale nunɔla la alé avu nɛ le eƒe nuvɔ̃ la ta, eye woatsɔe akee.


kpakple akpakpa eve alo ahɔnevi eve, esi ke woate ŋu anya na ko; woatsɔ ɖeka asa fɔɖivɔe, eye woatsɔ evelia asa numevɔe.


Ke nenye xewo wòbe, yeatsɔ asa vɔ na Yehowa la, ekema wòatsɔ akpakpa alo ahɔnevi asa vɔ lae.


Elabena mienya mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve bena, kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva da ahe ɖo, bene miawo la miato eƒe ahedada la me nazu kesinɔtɔwo.


Le ŋkeke enyiagbe la wòatsɔ akpakpa eve alo ahɔnevi eve avae na nunɔla le Mawu ƒe agbadɔ la nu?


Le ŋkeke enyiagbe la woatso akpakpa eve alo ahɔnevi eve ava Yehowa ŋku me le Mawu ƒe agbadɔ la nu, eye woatso wo na nunɔla,


Eye Yesu yi ɖe mawuƒe la me, eye wònyã amesiwo katã le nu dzram kple nu ƒlem le mawuƒea me la ɖo go, eye wòmũ ga ɖuɖɔlawo ƒe kplɔ̃wo kple amesiwo le akpakpa dzram la ƒe zikpui wo ƒu anyi;


Eya natsɔe asa wɔe le Yehowa ŋku me, bena wòalé avu nɛ, ekema eŋu ko tso ʋu, si do le eŋu la me. Esia nye se na nyɔnu, si dzi ŋutsuvi alo nyɔnuvi.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose kpakple Aron bena:


Ke ne eda ahe, eye mate ŋu ana nusiawo o la, ekema wòana alẽvi ɖeka, si woanyè awɔ fɔɖivɔsae, bena woatsɔ alé avu nɛ, kple wɔ memee tre ɖeka, si wodzaba kple ami awɔ nuɖuvɔsa, ami trevi ɖeka


Ne mate ŋu ana akpakpa eve alo ahɔnevi eve hã o la, ekema wòatsɔ wo memee eta ɖeka ƒe ewoliawo ɖeka asa vɔe ɖe eƒe vo, si wòda la ta; makɔ ami ɖe edzi o, eye makpe dzudzɔdonu hã ɖe eŋu o, elabena nuvɔ̃ŋutivɔsae.


eye nunɔla la nawɔ wo ŋu dɔ; wòatsɔ ɖeka asa nuvɔ̃vɔe, eye wòatsɔ evelia asa numevɔe. Ale nunɔla la alé avu nɛ le Yehowa ŋku me le eƒe afu la ta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite