Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 11:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 kpakple ha, elabena eƒe afɔkli me fe keŋ, gake megadzɔa nu ɖuna o, lã makɔmakɔ wòanye na mi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Ha, togbɔ be eƒe afɔkli me fe hã la, medzɔa nu gaɖuna o. Lã makɔmakɔ wònye na mi.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 11:7
11 Referans Kwoze  

Yehowa be. Amesiwo wɔa wo ɖokui kɔkɔe, eye wokɔa wo ɖokui ŋu hena trɔ̃kpɔwo, eye wokplɔa ame ɖeka ɖo le dome, amesiwo ɖua halã, nu nyɔŋuwo kple afiwo la, wo katã nu ayi.


Amesi wu nyitsu la, sɔ kple amesi wu ame, amesi tsɔ alẽvi sa vɔe la, sɔ kple amesi tro kɔ le avũ nu, amesi sa nuɖuvɔ la, sɔ kple amesi tsɔ haʋu sa vɔe, amesi do dzudzɔ ʋeʋẽe la, sɔ kple amesi kafua trɔwo. Alesi amesiawo ɖaa woawo ŋutɔ ƒe mɔ, eye woƒe luʋɔ kpɔa dzidzɔ le woƒe ŋunyɔnuwo ŋu la,


amesiwo bɔbɔ nɔa yɔdowo me eye wotsia teƒe ɣaɣlɛwo dɔna, amesiwo ɖua halã, eye detsi nyɔ ŋu le woƒe ku lu wo me;


kpakple ha, elabena eƒe afɔkli me fe, gake medzɔa nu ɖuna o; ŋunyɔnu wònye na mi. Migaɖu woƒe lã o, eye migaɖe asi woƒe kukua ŋu o.


Eye wòyi ɖatsɔ eɖokui lé ɖe anyigba ma ƒe dumetɔa ɖe ŋu, eye wòdɔe ɖe eƒe abɔ me, be wòanyi hawo.


Eye gbɔgbɔ vɔ̃wo do go tso ame la me heyi ɖe hawo me, eye hawo si du kplikplikpli tso to la kɔgo ge ɖe ƒu la me, eye wono tsi ku.


Migatsɔ nu kɔkɔe la na avũwo o, eye migatsɔ miaƒe dzonu nyuiwo hã ƒu gbe ɖe hawo ƒe ŋku me, ne woaganyã avuzi le wo dzi kple woƒe afɔwo, hafi agbugbɔ ava vuvu mi o.


Miekpɔ mɔ aɖu lãtɔne, siwo katã ƒe afɔkli me fe, eye wodzɔa nu gaɖuna.


fɔmizi, elabena edzɔa nu gaɖuna, ke eƒe afɔkli me mefe o, lã makɔmakɔ wòanye na mi;


Migaɖu woƒe lã o, eye migade asi woƒe kuku hã ŋu o, elabena nu makɔmakɔwo woanye na mi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite