Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 11:45 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

45 Nyee nye Yehowa, si kplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi, bena manye miaƒe Mawu. Eyata minɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔetɔ menye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

45 Elabena nyee nye Yehowa si kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi be manye miaƒe Mawu. Ele na mi be mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔetɔe menye.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 11:45
22 Referans Kwoze  

Elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. Eyata miwɔ mia ɖokui kɔkɔe, eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔetɔ menye; migatsɔ anyigbadzilã suewo gblẽ kɔ ɖo na mia ɖokui o.


Nyee nye Yehowa wò Mawu, si kplɔ wò tso kluvinyenyeƒe me le Egipte-nyigba dzi.


elabena woŋlɔ bena: „Minɔ kɔkɔe, elabena nye la mele kɔkɔe.“


Mawɔ mi mianye nye dukɔ, eye manye miaƒe Mawu, eye miadze sii be, nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, amesi kplɔ mi le dɔ sesẽ la nu tso Egipte.


Elabena Mawu meyɔ mí na makɔmakɔnyenye o, ke boŋ na kɔkɔewɔwɔ.


Esi Israel nɔ ɖevime la, melɔe, eye meyɔ vinye la tso Egipte vɛ.


Nyee nye Yehowa, mia Mawu, si kplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi, bena matsɔ Kanaan-nyigba na mi, eye manye miaƒe Mawu.


Eye maɖo nye nubabla anyi le mía kpli wò kple megbewòviwo katã dome, eye wòanye nubabla mavɔ, bena manye wò ŋutɔ kple megbewòviwo ƒe Mawu tegbee.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Yi dukɔ la gbɔ, eye nana be, woadzra wo ɖokui ɖo dzadzɛ egbe kple etsɔ, eye wòanya woƒe avɔwo,


Esia nye se le lãfɔnewo, xewo kple tɔmenu gbegbewo kpakple anyigbadzilã suewo katã ŋuti,


Ƒo nu kple Israel ƒe ha blibo la, eye nagblɔ na wo bena: Ame kɔkɔewo mianye, elabena nye Yehowa, mia Mawu la, mele kɔkɔe.


eye mekplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi, bena manye miaƒe Mawu, nye Yehowa.


Le woƒe nyui didi ta maɖo ŋku nu, si mebia kple wo tɔgbuiwo, amesiwo mekplɔ tso Egipte-nyigba dzi le dukɔwo ŋku me, bena manye woƒe Mawu la dzi; nye Yehowa.


Eye miaɖo ŋku nye seawo katã dzi, bena mianɔ kɔkɔe na míaƒe Mawu.


Eye Bet-Semestɔwo gblɔ bena: Ameka ate ŋu anɔ te ɖe Yehowa, Mawu kɔkɔe sia nu? Eye ameka gbɔ woatso mía gbɔ ayi?


Eye mianye; nunɔlawo ƒe fiaduƒe kple dukɔ kɔkɔe nam! Esiawo nye nya, siwo nagblɔ na Israel-viwo.


Ame kɔkɔewo míenye nam. Eyata migaɖu lã, si nu lé le gbe me la o; ke boŋ mitsɔe ƒu gbe na avũwo.


Nudanu nyui kple nudakpe nyuiwo, efa blibo kple hin blibo nanɔ mia si. Nyee nye Yehowa, mia Mawu, si kplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi.


Eyata miwɔ mia ɖokui kɔkɔe, eye mianɔ kɔkɔe, elabena nyee nye Yehowa, mia Mawu!


Yosua ɖo ŋu na dukɔ la bena: Miate ŋu asubɔ Yehowa o, elabena Mawu kɔkɔe kple Mawu hã ŋu wònye, matsɔ miaƒe vodadawo kple nuvɔ̃wo ake mi o.


Amea ɖeke mele kɔkɔe abe Yehowa ene o, ɖeke mekpe ɖe ŋuwò o, eye agakpea ɖeke meli abe mía Mawu la ene o!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite